Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 13:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Woɖo ta dziehe vaseɖe Xebron, afisi Aximan, Sesai kple Talmai, amesiwo nye Enak viwo nɔ. Ke wotso Xebron ƒe adre megbe, hafi wova tso Zoan le Egipte.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.)

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 13:22
21 Mawu Ofanana  

Eye Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Eye Sara ku le Kiryat-Arba, eya nye Xebron le Kanaan-nyigba dzi. Eye Abraham va, be wòafa konyi, eye wòafa avi na Sara.


Le nya sia megbe la Dawid bia Yehowa bena: Mayi Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Yi! Eye Dawid gblɔ be: Afika yi ge mala? Yehowa ɖo ŋu bena: Yi Xebron!


Ŋkeke, siwo Dawid ɖu fia le Xebron de Yuda ƒe aƒea dzi la, le ƒe adre kple dzinu ade.


Eye Yisbi tso Nob, amesi nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, di be, yeawu Dawid. Eƒe akplɔ ƒe kpekpeme le akɔbli sekel alafa etɔ̃, eye wòkpla aʋawɔnu yeye.


Ewɔ nukunuwo le wo fofowo ŋku me le Egipte-nyigba dzi, le Zoan-tagba.


esime wòwɔ eƒe dzesiwo le Egipte kple eƒe nukunuwo le Zoan-tagba la o.


Bometsilawo ɖeɖe sɔŋ nye Zoan-amegãwo, Farao ƒe adaŋudela nyanuwo; wodo lã woƒe adaŋudede. Aleke miagblɔ na Farao be: Nunyalawo ƒe vi menye, blemafiawo ƒe vi menye?


Zoan-amegãwo zu bometsilawo, Nof-amegãwo flu wo ɖokui, amesiwo nye woƒe ƒomeawo ƒe dzogoekpewo na Egipte le nagbanagba kum.


Elabena ne eƒe amegãwo va Zoan, eye eƒe ame dɔdɔwo ɖe keke Xanes ke hã,


Eye Mose dɔ wo, bena woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba dzi hegblɔ na wo bena: Miyi ɖe anyigba la ƒe dziehe gome, eye miaha toawo.


negbe dukɔ, si le anyigba la dzi, koe kako, woƒe duwo sesẽ, eye wololo, eye míekpɔ Enak viwo hã le afima.


Miekpɔ Enak viwo, amesiwo nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo, hã le afima, eye miawo ɖeko míedze abe ʋetsuviwo ene, eye nenema woawo hã kpɔ míi.


dukɔ, siwo nye Enak-viwo, wosɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu, amesiwo wò ŋutɔ nènya kple amesiwo ŋu nèse nya le bena: Ameka ate ŋu ano te ɖe Enak-viwo nu?


Tete Yosua kple Israel blibo la ho tso Eglon heyi Xebron, eye wowɔ aʋa kplii,


Du, siwo wotsɔ na nunɔla Aron-viwo, wonye: Xebron, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola kple eŋu lãnyiƒe, Libna kple eŋu lãnyiƒe,


Eye Yuda ho aʋa ɖe Kanaanitɔ, siwo nɔ Xebron la ŋu, — tsã la woyɔ Xebron bena Kiryat-Arba — eye woɖu Sesai, Aximan kple Talmai dzi.


kpakple amesiwo le Xebron kple teƒe, siwo katã Dawid kple eƒe amewo to.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa