Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 13:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye woyi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi tso Zin-gbedzi vaseɖe Rexob heɖo ta Xamat.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Ale wotsa ŋku le anyigba la dzi tso keke Zin gbegbe la va ɖo Rehob, le Hamat gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 13:21
15 Mawu Ofanana  

Esi Xamat-fia Toi se bena, Dawid si Hadadezer ƒe aʋakɔ bliboa la,


Ɖe Damasko ŋu: Ŋu kpe Xamat kple Arpad; elabena wose nya vɔ̃, eye dzi ɖe le wo ƒo; ŋɔdzi le atsiaƒu nu, womate ŋu agbɔ ɖe eme o.


Tete wòlé fia la hekplɔe yina Babel-fia le Ribla le Xamat-nyigba dzi, eye wòbu fɔe.


Xamat, Berota, Sibrayim, si le Damasko ƒe liƒo kple Xamat ƒe liƒo dome, Xazer-Enon, si le Xauran ƒe liƒo dzi.


Miyi Kalne, eye milé ŋku ɖe anyi, mitɔ edzi tso afima yi Xamat-gã, eye mihoe ɖe dzi yi Filistitɔwo ƒe Gat be, ɖe eme nyo na wo wu fiaɖuƒe siawo tɔ loo, alo woƒe anyigba lolo wu mia tɔa?


Le ɣleti gbãtɔ me la Israel-viwo ƒe ha blibo la va Zin-gbedzi, eye dukɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miryam ku le afima, eye woɖii ɖe afima.


Elabena miesẽ to ɖe nye nya ŋu le Zin-gbedzi, le esime ha la wɔ dzre, eye miena ŋunye kɔ le tsi la gbɔ le woƒe ŋku me o. Esia nye dzrewɔtsi la le Kades le Zin-gbedzi.


Woho tso Ezeon-Geber heva ƒu asaɖa anyi ɖe Kades le Sin-gbedzi,


Miaɖee tso Hor-to la gbɔ aɖo ta Xamat, eye liƒo la naɖe Zedad.


amesiwo dze mɔ yi toawo dzi heva Eskol-bali la me, eye wotsa le edzi.


Elabena miedi anukware nam le Israel-viwo dome le dzrewɔtsi la gbɔ le Kades le Zin-gbedzi o, eye miekɔ ŋunye le Israel-viwo dome o.


dzitɔwo ƒe anyigba, Libanon blibo la le ɣedzeƒe, tso Baal-Gad le Xermon-to la nu heɖo ta Xamat;


Eye Yuda-viwo ƒe to la xɔ woƒe gome le woƒe ƒomeawo nu ɖe dziehe la, Edom ƒe liƒo ŋu, le Zin-gbedzi le dziehe kekeake.


Ke xɔnametɔa ɖeke meli o, elabena wole didiƒe tso Zidon gbo, womebɔ ha kple amea ɖeke o, eye wole bali, si ɖo ta Bet-Rexob la me. Tete wogbugbɔ du la tso, eye wonɔ me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa