Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Dɔ ŋutsuwo ɖa, bena woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba, si tsɔ ge mala ana Israel-viwo la dzi. Midɔ ŋutsu ɖekaɖeka tso wo fofowo ƒe toawo me; ame ŋkutawo sɔŋ woanye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Dɔ ŋkutsalawo ɖe Kanaanyigba, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israel la dzi. Dɔ kplɔla ɖeka ɖa tso to sia to me.”

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 13:2
12 Mawu Ofanana  

Eye Mose tia ŋutsu zãzɛwo le Israel-viwo dome heɖo amegãwoe ɖe dukɔ la nu. Ɖewo de ame akpe nu, ɖewo ɖe ame alafa nu, ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye ɖewo ɖe ame ewo nu.


Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, amesiwo nye ta le wo fofowo ƒe aƒe nu la, kpe ɖe mia ɖokui ŋu.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Ƒo Israel-ame tsitsi blaadreawo, amesiwo nènya be, wonye ame tsitsiwo le dukɔ la dome, eye wonye wo dzikpɔlawo la, nu ƒu, eye nakplɔ wo ava Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eye woatsi tre ɖe gbɔwò le afima.


Esiawo nye ŋutsu, siwo Mose do, be woaɖatsa ŋku le anyigbaa dzi la, ƒe ŋkɔwo Eye Mose yɔ Hosea. Nun vi, be Yosua.


Eye Mose ɖɔ wo ɖa tso Paran-gbedzi le Yehowa ƒe se la nu; ŋutsuawo, katã nye ame ŋkutawo le Israel-viwo dome.


Alea pɛ mia fofowo wɔ, esi medo wo tso Kades-Barnea, bena woaɖakpɔ anyigba la ɖa.


Eye miade amegã ɖekaɖeka le to sia to me, bena woamã anyigba la.


Eye metsɔ miaƒe toawo ƒe amegãwo, ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye ŋkɔ le wo ŋu la, ɖo amegãwo ɖe mia nu, ɖe ame akpe kple ame alafa, ɖe ame blaatɔ̃ kple ame ewo nu, eye wonɔ miaƒe toawo nu.


Esi Yehowa dɔ mi le Kades-Barnea gblɔ bena: miyi, ne miaxɔ anyigba, si mena mi, ne wòanye mia tɔ ta, miesẽ to ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nya ŋu, mieɖo ŋu ɖe eŋu o, eye miese eƒe gbe o.


Eyata miɖe ŋutsu wuieve le Israel ƒe toawo me, to ɖeka ame ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa