Ke mi katã mieva gbɔnye gblɔ bena: Na miadɔ ŋutsuwo ɖe mía ŋgɔ, bena woatsa le anyigba da dzi, eye woagbɔ ava gblɔe na mí, mɔ, si míato ayi, kple ɖu, siwo me míayi.
Esi Yehowa dɔ mi le Kades-Barnea gblɔ bena: miyi, ne miaxɔ anyigba, si mena mi, ne wòanye mia tɔ ta, miesẽ to ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nya ŋu, mieɖo ŋu ɖe eŋu o, eye miese eƒe gbe o.
Eye Yosua, Nun vi, ɖɔ ŋutsu eve le adza me tso Sitim, be woaɖatsa ŋku, gblɔ bena: Miyi ɖakpɔ anyigba la kple Yerixo ɖa! Tete woyi, eye wova dze gboloa ɖe, si ŋkɔ nye Raxab la ƒe me, eye wotsi afima dɔ.