Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 12:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke menye alea mewɔna na nye dɔla Mose, amesi nye anukwaretɔ le nye aƒe blibo la nu o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Ke esia menye nyateƒe le nye dɔla Mose gome o; ewɔa nuteƒe le nye aƒe blibo la me.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 12:7
15 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ na Satana be: Elé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Elabena enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, eye amea ɖeke mede enu le anyigba dzi ti.


Edɔ eƒe dɔla Mose kple Aron, si wòtia la ɖa.


Eye Yehowa ƒɔ nu kple Mose ŋku me kple ŋku me, abe alesi ame kple xɔlɔ̃a ƒoa nui ene; emegbe egatrɔna yia asaɖa la me. Ke eƒe kpeɖeŋutɔ Yosua. Nun vi, amesi nye eƒe subɔla la, medzona le agbadɔ la me o.


Vava, mele egblɔm na mi bena: Le amesiwo nyɔnuwo dzi dome la, amea ɖeke metsi tre kpɔ, si wu Yohanes mawutsidetanamela o; gake amesi nye suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me la, wu eyama.


Ekema nukaŋuti gɔ̃e mieɖo go ɖo? Alo nyagblɔɖila kpɔ gea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã.


Eye esi Mose kpɔe la, eƒe mo wo yaa le nukpɔkpɔ la ŋuti, ke esi wote ɖe eŋu, be yeakpɔe nyuie la, Aƒetɔ la ƒe gbe ɖi va: egbɔ bena:


Ke nusi gakpe ɖe eŋuti la, enye bena, wodina tsoa xɔnuviwo gbɔ, bene woakpɔ wo nuteƒewolawoe.


Mele nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wo tso wo nɔviwo dome abe wò ene, eye wòagblɔ gbe, siwo katã meɖe asi nɛ la, na wo.


Eye Mose, Yehowa ƒe dɔla, ku ɖe afima le Moab-nyigba dzi, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


ke ne metsi anyi la, ne nanya alesi dze wò be, nazɔ le Mawu ƒe aƒe, si nye Mawu gbagbe ƒe hame kple nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la me.


Le Yehowa ƒe dɔla Mose ƒe ku megbe la Yehowa gblɔ na Yosua, Nun vi, si nye Mose ƒe subɔla bena:


Nye dɔla Mose ku, eyata tsi tre, eye mia kple dukɔ blibo la miatso Yordan sia ayi anyigba, si mebe, mana Israel-viwo la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa