Eye Israel-viwo katã li Mose kple Aron ŋu, eye ha blibo la gblɔ na wo bena: Oo, ɖe mieku le Egipte-nyigba dzi boŋ, ɖe mieku le gbe sia dzi boŋ la, ne nyo wu!
Eye wògblɔ bena: Gagbugbɔ wò asi ƒo de wò axatome! Eye esi wògagbugbɔ eƒe asi ƒo de axatome, eye wògaɖee da la, kpɔ ɖa, eƒe asi gazu abe eƒe ŋutilã susɔea ene.
Tete fia la xɔ edzi gblɔ na Mawu ƒe ame la bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, eye do gbe ɖa ɖe tanye, be nye asi la nagaɖo me nam. Eye Mawu ƒe ame la do gbe ɖa na Yehowa, eye fia la ƒe asi gaɖo me nɛ abe tsã ene.