Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 12:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Esi alilikpo la ho tso agbadɔa dzi la, kasia Miryam dze anyi, eye wòfu ɣie abe agbelimɔwɔtsi ene; eye esi Aron trɔ ɖe Miryam ŋu la, kpo ɖa, edze anyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Esi lilikpo dodo la ho tso agbadɔ la tame la, anyidɔ ƒo ɖe Miriam ŋuti, eye eƒe ŋuti katã fu kpii abe ɖetifu ene. Aron nye kɔ kpɔe, eye kpɔ ɖa, Miriam dze anyi.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 12:10
13 Mawu Ofanana  

Ke Yehowa ɖe fu na fia la, eye wòdze anyi vaseɖe eƒe kugbe, eye wònɔ xɔa ɖe me le aga. Eye fia ƒe vi Yotam no aƒe la nu hedrɔ̃ ʋɔnu dukɔ hahoo la.


Eyata Naeman ƒe anyi la ade ɖe mia kple wò dzidzimeviwo ŋu tegbee! Tete wodzo le eŋku me, eye anyi ƒo ɖe eŋu fu kpii.


Eye anyidzela ene le agboa nu, amesiwo gblɔ na wo nɔewo bena: Nukaŋuti mianɔ afisia, vaseɖe esime míaku?


Eye Yehowa gagblɔ nɛ bena: Tsa wò asi ƒo ɖe wò axatome! Eye wòtsɔ eƒe asi ƒo de eƒe axatome. Esi wògaɖee ɖa la, anyi ƒo ɖe eƒe asi ŋuti fu tii.


Ne wobe, yewoanyi wo viwo woatsi la, made vi lewo ŋu, be amegbetɔa ɖeke maganɔ anyi o; elabena baba na woawo ŋutɔ hã, nenye be, medze le wo gba.


De se na Israel-viwo be, woaɖe anyidzelawo, afuɖɔlawo kple amesiwo gblẽ kɔ ɖo le ame kuku ŋu la ɖa le asaɖa la me.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Ɖo ŋku nusi Yehowa, wò Mawu, wɔ Miryam le mɔ ta, le esime mieʋu tso Egipte la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa