Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 12:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Miryam kple Aron ƒo nu le Mose ŋu le Kus-nyɔnu la ta, elabena eɖe Kus-nyɔnu

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Gbe ɖeka la, Miriam kple Aron lĩ Mose ŋu le srɔ̃a, si nye Kus nyɔnu la ta, elabena eɖe Kus nyɔnu.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 12:1
19 Mawu Ofanana  

eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


Eye nye aƒetɔ gblɔ nam, eye wòna meka atam ɖe dzi nɛ bena: Megaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ, siwo ƒe anyigba dzi mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


Eye Rebeka gblɔ na Isak bena: Agbenɔnɔ tim le Xitivi-nyɔnuawo ta. Ne Yakob hã aɖe anyigba sia dzi tɔ, siwo nye Xitiviwo ƒe vinyɔnua ɖe la, ekema nukaŋuti megale agbe ɖo?


Eye Farao na ŋkɔ Yosef bena Zafnat Paneax (amewo ƒe agbeɖela), eye wòtsɔ On-nunɔla Potifera ƒe vinyɔnu Asnat nɛ wòɖe. Emegbe la Yosef tsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.


Eye vinyɔnu adre le Midian-nunɔla si, amesiwo va tsi du ge ɖe lãwo ƒe towo me, bena woana tsi wo fofo ƒe alẽwo.


Eye Mose lɔ̃ bena, yeatsi ŋutsu la gbɔ, eye wotsɔ vianyɔnu Zipora na Mose wòɖe.


eye naɖe woƒe vinyɔnuwo na viwòŋutsuwo; eye ne woƒe vinyɔnuwo le woƒe mawunuwo wɔm la, ekema woana be, viwòŋutsuwo hã nasubɔ woƒe mawuwo.


Mekpɔ mɔ aɖe ahosi alo nyɔnu, si gbe atsu, nyɔnu, si gblẽ, alo gbolo o: ke boŋ ɖetugbi wòaɖe tso eƒe dukɔ me viwo dome;


ŋutsu, siwo katã kpɔ ŋutikɔkɔe kple dzesi, siwo mewo le Egipte kple gbeadzi, gake wotem kpo zi ewo, eye womeɖo to nye gbe o la,


dze aglã ɖe Mose ŋuti, eye Israel-viwo dome ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, amesiwo nye ŋkutatɔwo le ha la dome, eye wonye adaŋudelawo le takpekpewo me kple ame ŋkɔŋuwo la, kpe ɖe wo ŋu.


Amram srɔ̃ ŋkɔ nye Yoxebed, nyɔnuvi, si wodzi na Lewi le Egipte, eye wòdzi Aron, Mose kple wo nɔvinyɔnu Miryam na Amram.


eye ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo.


Ke eɖo ŋu gblɔ na amesi gblɔe nɛ la, bena: Amekae nye danye, eye amekawo nye nɔvinyewo mahã?


Miɖo ŋku nya, si megblɔ na mi la dzi bena: Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome, ne wòlé nye nya me ɖe asi la, wòalé miawo hã to me ɖe asi.


Elabena nɔviawo ke hã mexɔ edzi se o.


Esi megblɔ nyateƒe na mi la, eyata mezu miaƒe futɔ mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa