Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 11:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Ƒo Israel-ame tsitsi blaadreawo, amesiwo nènya be, wonye ame tsitsiwo le dukɔ la dome, eye wonye wo dzikpɔlawo la, nu ƒu, eye nakplɔ wo ava Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eye woatsi tre ɖe gbɔwò le afima.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Na Israelviwo ƒe ametsitsi blaadre naƒo ƒu ɖe nye ŋkume. Kplɔ wo va agbadɔ la me, eye woatsi tsitre ɖe afi ma kpli wò.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 11:16
14 Mawu Ofanana  

Ŋutsuvi, siwo wodzi na Yosef le Egipte la, wole ame eve. Yakob vi, siwo katã va Egipte la, wole ame blaadre.


Eye Mose tia ŋutsu zãzɛwo le Israel-viwo dome heɖo amegãwoe ɖe dukɔ la nu. Ɖewo de ame akpe nu, ɖewo ɖe ame alafa nu, ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye ɖewo ɖe ame ewo nu.


Eye wògblɔ na Mose bena: Lia toa va Yehowa gbɔ, wò ŋutɔ kple Aron, Nadab kple Abihu kpakple Israel-me tsitsiawo dome ame blaadre, eye míado gbe ɖa le adzɔge.


Esia megbe Mose kple Aron, Nadab kple Abihu kpakple Israel-me tsitsiawo dome ame blaadre la wolia to la,


Esia megbe Mose kple Aron woyi, eye woyɔ Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã ƒo ƒu.


Ale Yehowa gblɔ esi; Yi naɖaƒle ze le zemela si, eye naɖe dukɔ la ƒe ame tsitsiwo kple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo akpe ɖe ɖokuiwò ŋu


Eye Israel ƒe aƒe la ƒe ame tsitsiwo dometɔ blaadre, amesiwo nu Yaazanya, Safan vi, le la tsi tre de wo ŋgɔ, amesiame lé sonu ɖe asi, eye dzudzɔ ʋeʋẽe de dzi kɔtɔɔ.


Eye Mose ɖo yi ɖagblɔ Yehowa ƒe nyawo na dukɔ la. Eƒo dukɔ la ƒe ame tsitsi blaadreawo nu ƒu, eye wòna woɖe to ɖe agbadɔ la godoo va kpe.


Eye Mose tso yi Datan kple Abiram gbɔ, eye Israel-ame tsitsiwo kplɔe ɖo.


Ke nusiawo megbe la Aƒetɔ la ɖo ame blaadre bubu, eye wòdɔ wo eveveve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me.


Eye ame blaadre la gbugbɔ va kple dzidzɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo ke hã doa to mi le wò ŋkɔ la dzi.


Eye metsɔ miaƒe toawo ƒe amegãwo, ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye ŋkɔ le wo ŋu la, ɖo amegãwo ɖe mia nu, ɖe ame akpe kple ame alafa, ɖe ame blaatɔ̃ kple ame ewo nu, eye wonɔ miaƒe toawo nu.


Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo na wò toawo ɖe wò du, siwo katã Yehowa, wò Mawu, ana wò la me, eye woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la ɖe teƒe.


Miƒo miaƒe towo ƒe ame tsitsiwo katã kple mia dzikpɔlawo nu ƒu ɖe gbɔnye, ne magblɔ nya siawo ɖe woƒe to me, eye mata dziƒo kple anyigba na wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa