Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 11:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mose se, alesi dukɔ la me toawo katã le avi fam le woƒe agbadɔwo nui. Eye Yehowa do dɔmedzoe, eye medze Mose hã ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ƒomewo tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu henɔa avi fam. Mose se woƒe avifafa. Yehowa gado dɔmedzoe ɖe edzi wu, eye Mose hã mekpɔ ŋudzedze le nu sia ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 11:10
19 Mawu Ofanana  

woli liʋiliʋi le woƒe agbadɔwo me, eye womeɖo to Yehowa ƒe gbe o.


Yehowa, ɖe nyemalé fu amesiwo léa fu wò, eye nyemanyɔ ŋu amesiwo tsona ɖe ŋuwò la oa?


Eyata esi Yehowa see la, dzi kui, dzo bi de Yakob ŋu, eye dɔmedzoe de dzi ɖe Israel ŋu.


Mawu see, dzi kui, egbe Israel keŋkeŋ,


Eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòdo eƒe alo ɖe dzi heƒo wo, ale be towo dzo kpekpekpe, eye woƒe kukuawo tsi kpɔdome abe gbeɖuɖɔ ene. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Eye aɖe asi le wò domenyinu, si metsɔ na wò la ŋu, eye mana nasubɔ wò futɔwo le anyigba, si menya o la dzi, elabena miede dzo nye dɔmedzoe la me, eye wòabi tegbee.


Eye dukɔ la li liʋĩliʋi le Yehowa ŋu le fuwɔame ta Yehowa see; eye wòdo dɔmedzoe eye Yehowa na dzo dze aƒe le wo dome, eye asaɖa ƒe mlɔenu bi dzo.


Eye Mose gblɔ na Yehowa bena: Nukaŋuti nèwɔ vɔ ɖe wò dɔla ŋu, eye nukaŋuti méve nunye o, eye netsɔ dukɔ blibo sia ƒe agba ɖo dzinye?


Ne zãmu dza ɖe asaɖa la me le zã me la, mana la hã dzana ɖe eme.


Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi.


Eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu hedzo.


Tete wode megbe le Korax, Datan kple Abiram ƒe aƒewo ŋu. Ke Datan kple Abiram ɖo go ɖe woƒe agbadɔwo nu, eye wo srɔ̃wo kple woƒe vi tsitsiwo kpakple woƒe vidzĩewo kpe ɖe wo ŋu.


eye dukɔ la ƒo nu le Mawu kple Mose ŋu bena: Nukata miekplɔ mí tso Egipte, be míaku le gbedzi? Elabena abolo kple tsia ɖeke mele afisia o, eye nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí.


Ke esi Yesu kpɔe la, menyo eŋu o, eye wògblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la.


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


Elabena nye ŋɔti me lé dzo, eye wòle bibi ge aɖe tsiẽƒe ke, afiã anyigba kple nusiwo wɔna le edzi, eye wòafiã towo ƒe gɔmegɔmea.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa