Esi wòkpɔ bena, fia la tsi tre ɖe kɔkɔƒe, abe alesi wònye kɔnu ene, amegãwo kple kpẽkulawo ƒo xlã fia la, esi dukɔ hahoo la le dzidzɔ kpɔm hele kpẽ kum la, Atalya dze eƒe awuwo gblɔ bena: Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!
Ke esi wòkpɔ bena, fia la tsi tre ɖe kɔkɔƒe le mɔ nu, eye amegãwo kple kpẽkulawo le fia la gbɔ, dukɔ hahoo la katã le dzidzɔ kpɔm, eye wole kpẽ kum, eye hadzilawo tsɔ hadzinuwo le kafukafuha dzim la, Atalya dze eƒe awuwo, eye wòdo ɣli bena: Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!
eye Lewi-viwo, siwo nye hadzilawo katã, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viwo kpakple wo nɔviwo do aklalawu, wolé gakogoe, saŋku kple kasaŋku ɖe asi, eye wotsi tre ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome, eye nunɔla alafa ɖeka kple blave le kpẽ kum le wo gbɔ,
Nunɔlawo tsi tre ɖe wo nɔƒe, eye Lewi-viwo lé Yehowa ƒe hadzinu, siwo fia Dawid na wowɔ la, ɖe asi, ne woatsɔ Dawid ƒe kafukafuha ada akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee; nunɔlawo tsi tre ɖe wo kasa le kpẽwo kum, eye Israel blibo la le tsitrenu.
Esi xɔtulawo ɖo gbedoxɔ la gɔme anyi la, nunɔlawo le woƒe awuwo me tsi tre ɖi, eye wotsɔ kpẽwo ɖe asi, eye Lewi-vi, siwo nye Asaf viwo la, tsɔ gakogoewo ɖe asi, ne woakafu Yehowa, abe alesi Israel-fia Dawid ɖo ene.
Eye aʋalɔgo etɔ̃awo ku kpẽawo hegbã zeawo; wole akakatiawo ɖe mia, eye wòlé kpẽawo ɖe ɖusi le kukum hele ɣli dom bena: Yehowa kple Gideon tɔe nye yi la!