Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 1:51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Ne nɔƒe la le hoho ge la, Lewitɔwo nakakae, eye ne nɔƒe la ɖo droƒe la, ekema Lewitɔwo natui; gake ne tame tutɔa ɖe te va la, woawui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

51 eye ɣe sia ɣi si woaho Agbadɔ la ayi teƒe bubu la, Levi ƒe viwoe akakae, eye woawoe agakpee; ne ame bubu aɖe te va la, aku.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 1:51
15 Mawu Ofanana  

Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe Usa ŋu, eye Mawu ƒoe ƒu afima ɖe Mawu ƒe aɖaka la xa.


Le ƒe evelia me, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke blavelia dzi la alilikpo la ho le nɔƒe, si sea le la dzi.


Eye esi wotsi tre ɖe ame kukuawo kple agbagbeawo dome la, dɔvɔ̃ la nu tso.


hena ŋkuɖoɖodzi na Israel-viwo, bena ame tutɔa ɖeke, amesi metso Aron ƒe dzidzimeviwo dome o la, magate va, be yeatɔ dzo dzudzɔdonu le Yehowa ŋku me, eye wòava me nɛ abe Korax kple eƒe ha la ene o; abe alesi Yehowa de se nɛ to Mose dzi ene.


Ke Israel-viwo megate va Mawu ƒe agbadɔ ŋu azɔ o, bena woagahe nuvɔ̃ ava wo ɖokui dzi, eye woaku o,


Eye woawɔ dɔ, siwo katã le ŋuwo kple agbadɔ blibo la ŋu; ke womagate ɖe nu kɔkɔeawo kple vɔsamlekpui la ŋu, be mia kpli wo miagaku o.


Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, ke ame tutɔa ɖeke mate va mia gbɔ o.


Ke mia kple viwòwo miawo nunɔladɔ la le vɔsamlekpui la gbɔ kple xɔmetsovɔ la godo. Ɖe metsɔ nunɔladɔ la na mi: ke ne ame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Eye naɖo Aron kple viaŋutsuwo, be woawɔ nunɔladɔ; ke ne ame tutɔa ɖe le va la, woawui.


Eye Mose kple Aron kpakple viaŋutsuwo ƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ le ɣedzeƒe gome. Woƒe dɔe nye be, woawɔ dɔ le kɔkɔeƒe la na Israel-viwo; ke ne ame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa