Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mixlẽ ŋutsu, siwo le Israel-viwo ƒe ha blibo la me la, ƒe ŋkuwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Mi kple Aron mixlẽ Israel dukɔ la katã ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 1:2
16 Mawu Ofanana  

Eye Israel-viwo ʋu tso Ramses va Sukot; ŋutsu, siwo katã zɔ afɔ, anɔ ame akpe alafa ade, ɖeviwo mele eme o.


Ne ètia Israel-viwo xlẽ la, ekema amesiwo netia la, naxe fe ɖe woƒe agbe ta, bena dɔ vɔ̃ɖia ɖeke magaɖo wo dome, le esi woxlẽ wo la ta o.


Eye klosalo, siwo ame xexlẽawo na la, le talento alafa ɖeka kple sekel kɔkɔe akpe ɖeka alafa adre blaadre vɔ atɔ̃.


Ŋutsu, siwo katã woxlẽ, amesiwo xɔ ƒe blave alo wu nenema la, le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃, eye wo dome amesiame na heka ɖeka, si enye sekel kɔkɔe afã.


eye woƒo ha blibo la nu ƒu le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wode amesiwo xɔ ƒe blave kple vo la, ƒe ŋkɔwo dzidzimegbalẽ me ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu,


abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene. Eye wotia wo xlẽ le Sinai-gbedzi.


Woxlẽ ŋutsu, siwo katã xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa te Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa