Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 9:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Aron viŋutsuawo tso ʋu la vɛ ne, eye wotso eƒe asibide de ʋu la me hesisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke etso ʋu mamlea ka ɖe vɔsamlekpui la te.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Via ŋutsuwo tsɔ ʋu la nɛ. Ede asi eme, sisii ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 9:9
14 Mawu Ofanana  

„Mawu ƒe mlekpui“ la le abɔklugui ene, eye dzo ene le „Mawu ƒe mlekpui“ la ta ɖo ta dzi.


Tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe sisi ɖe eƒe dzo eneawo kple eƒe kawo ƒe dzogoe eneawo kpakple to, si woɖo nɛ godoo va kpe la ŋu, eye nade nuvɔ̃ ɖa le eŋu alé avui.


Ne edo go la, wòate ɖe vɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me la ŋu, eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu. Wòaku nyitsu la ƒe ʋua ƒe ɖe kpakple gbɔ̃tsu la ƒe ʋua ƒe ɖe asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo ava kpe.


Emegbe nunɔla natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke woatsɔ ʋu mamlea akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.


Emegbe nunɔla la natsɔ eƒe asi asisi eƒe nu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe vɔsamlekpui la te.


Emegbe Mose wui, eye wotso eƒe asibide sisi ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo va kpe, eye wòɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋu; ke ekɔ ʋu mamlea ɖe anyigba le vɔsamlekpui la gbɔ. Ale wòwɔe kɔkɔe, esi wòwɔ avulénuwo le eŋu.


Eye wòto dzo nuvɔ̃vɔsalã ƒe amiawo, ayikuawo kple aklã ŋu miawo le vɔsamlekpui la dzi, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


Eyome wòwu numevɔsalã la, eye Aron viŋutsuawo tsɔ ʋu la nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe.


Eye wòwu nyi kple agbo la hena dukɔ la ƒe akpedavɔsasa. Aron viŋutsuawo tsa ʋu la nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe.


Elabena amesi ta nuwo katã ti ɖo, amesi me nuwo katã to va, amesi kplɔ vi geɖewo yi ɖe ŋutikɔkɔe me la, edzee bena, woawɔ wo xɔxɔ ƒe fia la blibo to fukpekpewo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa