Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 9:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Emegbe Mose gblɔ na Aron bena: Te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye nasa wò nuvɔ̃vɔ kple wò numevɔ, bena nalé avu na ɖokuiwò kple dukɔ la; eyome nasa vɔ ɖe dukɔ la ta, be nalé avu na wo, abe alesi Yehowa de se ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 9:7
12 Mawu Ofanana  

Emegbe Aron nahe eƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la vɛ, eye wòalé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe, eye woawu eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la,


Eye wòale tsi le teƒe kɔkɔe la, aɖo eƒe awuwo, eye wòado go amè eya ŋutɔ ƒe numevɔsa kple dukɔ la ƒe numevɔsa, eye wòalé avu na eya ŋutɔ kple dukɔ la.


Emegbe Aron natsɔ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la alé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe.


Ne nunɔla, si wòsi ami na, da vo hehe vɔ̃ va dukɔ la dzi la, ekema woatsɔ nyitsu ɖagbea ɖe, si so blibo asa nuvɔ̃ŋutivɔ na Yehowa ɖe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.


Alesi wowɔ egbea la, nenema Yehowa de se be, woawo ayi dzi, be woalé avu na mi.


eye wògblɔ na Aron bena: Lé nyitsuvi woawo nuvɔ̃vɔsae kple agbo woawɔ numevɔsa; woa kple eve la nasɔ blibo, eye nakplɔ wo ava Yehowa ƒe ŋku me.


Elabena nunɔlagã sia nunɔlagã, si wotsɔ tso amewo dome la, woɖoe anyi le amewo ta le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòatsɔ nunanawo kple numemewo ana le nuvɔ̃wo ta,


eye esia ta wòle nɛ bena, abe alesi wòsa vɔ ɖe dukɔ ta ene la, nenema ke wòasa vɔ ɖe ye ŋutɔ ɖokui hã ta le nuvɔ̃wo ŋuti.


Ke agbadɔ evelia la, nunɔlagã la koe dea eme, ƒe ɖeka zi ɖeka, eye meɖena ʋu, si woatsɔ ana ɖe ye ŋutɔ kple dukɔ la ƒe numanyamanya ta la, matsɔmatsɔe o;


Eyata meka atam ɖe Eli ƒe aƒe la ŋu bena: Womatsɔ vɔsalã alo nuɖuvɔsa alé avu ɖe Eli ƒe aƒe la ƒe vodada nu akpɔ o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa