Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 9:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye wògblɔ na Aron bena: Lé nyitsuvi woawo nuvɔ̃vɔsae kple agbo woawɔ numevɔsa; woa kple eve la nasɔ blibo, eye nakplɔ wo ava Yehowa ƒe ŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 9:2
15 Mawu Ofanana  

Eye nusi nawɔ na wo, be nawɔ wo kɔkɔe, ne woazu nunɔlawo asubɔm la, enye si: Lé nyitsu ɖagbee ɖeka kple agbo eve, siwo sɔ blibo,


Le ƒe ewolia me, le dzinu ewolia ƒe ŋkeke wuievelia dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòbe, yeatsɔ amè numevɔsae la, ekema woatso atsu, si so blibo, asa vɔ lae.


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Nusiwo Aron natsɔ ava kɔkɔeƒe la, wonye: Nyitsu ɖagbee ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka woawɔ numevɔsae.


Eye woaxɔ gbɔ̃tsu eve le Israel-viwo ƒe ha la si awɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka awɔ numevɔsae.


Ne nunɔla, si wòsi ami na, da vo hehe vɔ̃ va dukɔ la dzi la, ekema woatsɔ nyitsu ɖagbea ɖe, si so blibo asa nuvɔ̃ŋutivɔ na Yehowa ɖe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.


Eye wòna wohe nuvɔ̃vɔsanyitsu la ve, eye Aron kple viaŋutsuawo tsa woƒe asiwò ɖo nuvɔ̃vɔsanyitsua ƒe tame.


Eyome wòhe numevɔsagbo la vɛ, eye Aron kple viaŋutsuwo tso woƒe asi ɖo agbo la ƒe tame.


Eye nagblɔ na Israel-viwo bena: Milé gbɔ̃tsu woawo nuvɔ̃vɔsae, nyivi kple alẽvi, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wosɔ blibo la, woawo numevɔsae,


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


eye esia ta wòle nɛ bena, abe alesi wòsa vɔ ɖe dukɔ ta ene la, nenema ke wòasa vɔ ɖe ye ŋutɔ ɖokui hã ta le nuvɔ̃wo ŋuti.


amesi mehiã gbesiagbe vɔsasa abe nunɔlagã mawo, amesiwo wɔ vɔsasa gbã ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuvɔ̃wo ta, eye emegbe la ɖe dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta ene o; elabena ewɔ esia zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, esime wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa