Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 9:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Wotsɔ nyi la ƒe amiawo, agbo la ƒe asike kple eŋu miawo, ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi, ayikuawo kple aklã ŋu miawo

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Eɖe nyitsu la kple agbo la ƒe amiwo, ami siwo le ayikuawo ŋu kpe ɖe esiwo le woƒe dɔmenuwo ŋu la ŋuti, eye wògaɖe woƒe ayikuwo kple aklãwo hã.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 9:19
7 Mawu Ofanana  

Migaɖui mumũ alo aɖae hafi o; ke boŋ miamee ɖo nogo, eye la kple afɔwo nanɔ enu.


Eyome naɖe ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu kple aklã ŋuti nuwo kpakple ayiku eveawo kple wo ŋuti nuwo, eye nata dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu, si ʋẽna lilili wònye. Amiawo katã Yehowa tɔe.


Eye Aron viŋutsuwo nato dzo wo le vɔsamlekpui la dzi kpakple numevɔsa, si le nake, siwo te wodo dzo ɖo la dzi, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Nusiwo wòaɖe le akpedavɔsa la ŋu asa dzovɔ na Yehowa, wonye: Lã la ƒe ami, asike la kple eŋu nuwo, wòaɖee ɖe aligoe la nu; ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi kple ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu,


Eye wòto dzo nuvɔ̃vɔsalã ƒe amiawo, ayikuawo kple aklã ŋu miawo le vɔsamlekpui la dzi, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


da ɖe lãwo ƒe akɔwo dzi, eye wòto dzo amiawo le vɔsamlekpui la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa