32 Ke ne lã la kple aboloa ɖe tsi anyi la, miatɔ dzoe.
32 Mitɔ dzo lã la kple aboloawo ƒe mamlɛawo.
Migagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye esi tsi anyi ŋu ke de dzi la, mitɔ dzoe.
Ne ameɖovɔsalã la kple abolo la ƒe ɖe tsi anyi ŋu ke ɖe edzi la, ekema woatɔ dzoe; womaɖui o, elabena nu kɔkɔe ye.
Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.
Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.
Vɔsalã, si tsi anyi vaseɖe ŋkeke etɔ̃agbe la, woatɔ dzoe.
Migadzo le Mawu ƒe agbadɔ la nu ŋkeke adre sɔŋ o, vaseɖe gbesigbe mia ɖoɖo ŋkeke la nawu nu, elabena ŋkeke adree wole mia ɖo ge.
Elabena egblɔ bena: „Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi.“ Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!