Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 8:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eye Mose tsɔ ami sisi la kple nu, si le vɔsamlekpuia dzi la, ƒe ɖe wu ɖe Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu; ale wòkɔ Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Mose tsɔ ami sisi la azɔ kple ʋu si wòhlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu la ƒe ɖe, eye wòhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu. Ale wòkɔ Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu, be Yehowa nawɔ wo ŋu dɔ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 8:30
15 Mawu Ofanana  

Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò Aron, bena woade bubu eŋu, eye woaɖo atsyɔ nɛ.


Eye natsɔ ʋu, si le vɔsamlekpui dzi, kple ami awu ɖe Aron ŋutɔ kple eƒe awuawo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuawo ŋu, bena eya ŋutɔ kple eƒe awuwo, viaŋutsuawo kple woƒe awuawo ŋuti nakɔ.


Eye nasi ami na Aron kple viaŋutsuawo awɔ wo kɔkɔe, bena woazu nunɔlawo asubɔm.


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Ke esia gblɔm Yehowa le enye sia bena: Maɖe ɖokuinye afia amesi te ɖe ŋunye la, abe kɔkɔetɔ ene, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ blibo la ŋku me. Tete Aron zi kpi.


Esia nye Aron kple viaŋutsu wo ƒe gome le Yehowa ƒe dzovɔsa la me, gbesigbe woɖo nunɔladɔ me, be woasubɔ Yehowa,


gome, si Yehowa de se bena, Israel-viwo natsɔ na wo, le gbesigbe wòsi ami na wo la. Ɖoɖo mavɔ wòanye na woƒe dzidzimeviwo.


Eye wòkɔ ami sisi la ƒe ɖe ɖe Aron ƒe tame hesi ami ne, be wòako eŋu.


Esiawo nye nunɔla Aron, amesi wòsi ami na heɖoe be, wòanye nunɔla asubɔ la, ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo.


Elabena amesi kɔa amewo ŋuti kple amesiwo ŋuti wokɔ la, wo katã dzɔ tso ame ɖeka me, eyata ŋu mekpee be, wòayɔ wo be nɔviwo o:


le Mawu Fofo la ƒe nunyanyaɖi la nu le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ me hena toɖoɖo kple Yesu Kristo ƒe ʋuhehlẽ: Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi!


Eye miawo la, amisisiname, si miexɔ le egbɔ la, nɔa mia me, eye mehiã mi be, amea ɖeke nafia nu mi o, ke boŋ abe alesi amisisi ma ke fia nu mi le nuwo katã ŋuti ene la, nenema ke hã wònye nyateƒe, eye menye aʋatso o; eye abe alesi wofia mi ene la, minɔ eme nenema ke.


Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa