Ɣemaɣi Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo, toawo ƒe tatɔwo katã kple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu ɖe Yerusalem, ne wòaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe du, si nye Zion la me vɛ.
Eye fia Salomo kple Israel ƒe ameha blibo, si kpe ta ɖe egbɔ la, tsi tre ɖe aɖaka la ŋgɔ, eye wotsɔ alẽwo kple nyiwo, siwo womete ŋu xlẽ alo bu wo o la, sa vɔe.
Esi Israel-viwo le woƒe duwo me, eye dzinu adrelia do la, dukɔ blibo la ƒo ƒu sɔsɔe ɖe dogba dzi de tsigbo la nu; eye wogblɔ na agbalẽfiala Ezra bena, wòatsɔ Mose ƒe se, si Yehowa de na Israel la ƒe agbalẽ va.
Tsɔ wò atikplɔ, eye mia kple nɔviwò Aron miaƒo ha la nu ƒu, eye naƒo nu kple agakpe la le woƒe ŋku me, ekema ana tsi. Ale nana tsi nado le agakpe la me, bena ha la kple woƒe lãwo nano.