Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 8:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ke etsɔ tsi kpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye Mose tɔ dzo agbo blibo la le vɔsamlekpui dzi. Numevɔsa, si nena lilili la wònye, dzovɔsa wònye na Yehowa, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Le esia megbe la, etsɔ tsi klɔ agbo la ƒe dɔmenuwo kple afɔwo, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Ale agbo blibo la fia le Yehowa ŋkume. Esia nye numevɔsa si dze Yehowa ŋu ŋutɔ, elabena Mose zɔ ɖe nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la dzi pɛpɛpɛ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 8:21
11 Mawu Ofanana  

Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.


Migaɖui mumũ alo aɖae hafi o; ke boŋ miamee ɖo nogo, eye la kple afɔwo nanɔ enu.


Eye natɔ dzo agbo blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsa wònye na Yehowa, ʋeʋẽ lilili kple Yehowa ƒe dzo wònye.


Eye Mose wɔe pɛpɛpɛ. Alesi Yehowa de se ne la, nenema wòwɔ.


Eye woatso tsi akpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla natsɔ wo katã asa vɔe, eye woata dzo wo le vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsae, dzovɔsa si nena lilili de Yehowa wònye.


Eyome wòafe eƒe aʋalawo, gake womaɖe le enu o, eye nunɔla nata dzoe le nake, siwo te wodo dzo ɖo le vɔsamlekpuia dzi la dzi, elabena numevɔsae, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Ke woatso tsi akpala eƒe domenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla Aron nata dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi, elabena numevɔsae dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Eye nunɔla naɖe ɖe le nuɖuvɔsa la ŋu hena ŋkuɖoɖo dzi, eye woatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi; dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Eye Mose na Aron viŋutsuwo te va, wodo awutewui ʋlayawo, eye wòtsɔ alidziblanu bia wo dzi na wo, emegbe wòbia ta na wo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


emegbe wòtsɔ tablanu la bla ta nɛ, eye wòtsi sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu le ŋgɔgbe, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa