Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Nuvɔ̃ŋutivɔsa kple fɔɖivɔsa wòsɔ, se ɖeka le wo ŋu; nunɔla, si tsɔe lé avui la, tɔ wònye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 “Se siawo kee le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa siaa ŋu. Woatsɔ lã la ƒe mamlɛa ana nunɔla si wɔ avulévɔsa la wòanye eƒe nuɖuɖu.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 7:7
11 Mawu Ofanana  

Eye womebu akɔnta kple amesiwo si wode ga lae, be woatsɔ na dɔnunɔlawo o, elabena wo wɔe le anukware me.


Ke wometsɔ ga, si woxe ɖe dzidada kple nuvɔ̃wo ta la, va Yehowa ƒe me o; nunɔla wo tɔ wònye.


Emegbe woawu alẽvi la ɖe teƒe kɔkɔe, si wowua nuvɔ̃vɔsalã kple numevɔsalã ɖo; elabena fɔɖivɔsalã hã nye nunɔla tɔ, abe nuvɔ̃vɔsalã ke ene; nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo fe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:


Ne nunɔla sa numevɔ na amea ɖe la, ekema numevɔsalã la ƒe agbalẽ enye nunɔla tɔ.


Ke ne ƒometɔ kekeake mele ame la si, amesi wòaxe fe la na o la, ekema fe, si wòxe la, zu Yehowa tɔ hena nunɔla, hekpe ɖe agbo, si woatsɔ alé avu nɛ la ŋuti.


Mikpɔ ŋutilãnu Israel ɖa! Menye amesiwo ɖua vɔsawo la, nye vɔsamlekpui la ƒe hadelawo oa?


Ɖe mienyae bena, amesiwo woa kɔkɔeƒe ƒe dɔwo la, kɔkɔeƒe ƒe nuwo woɖuna, eye amesiwo subɔna le vɔsamlekpui ŋuti la, vɔsamlekpui ƒe nuwo me wokpɔa wo tɔ nua tsonɛ oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa