Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 7:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Nunɔla natɔ dzo ami la le vɔsamlekpui la dzi, ke akɔ la nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 Nunɔla la atɔ dzo ami la le vɔsamlekpui la dzi, ke lã la ƒe akɔ anye Aron kple via ŋutsuwo tɔ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 7:31
13 Mawu Ofanana  

Ɖe agbo, si wowu hena Aron ɖoɖo la ƒe akɔ, eye nanyee le Yehowa ƒe ŋku me, emegbe woazu towò.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu wònye na Yehowa.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu, si ʋẽna lilili wònye. Amiawo katã Yehowa tɔe.


Eye Aron viŋutsuwo nato dzo wo le vɔsamlekpui la dzi kpakple numevɔsa, si le nake, siwo te wodo dzo ɖo la dzi, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Ale nunɔla alé vu nɛ le eƒe vo, si wòda le nusiawo dometɔ ɖeka me la ta, eye woatsɔe akee. Ke nu mamlea nye nunɔla la tɔ abe nuɖuɖuvɔsa tɔ ene.


Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsawo katã bliboe, eye womaɖui o.


Elabena meɖe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la, le Israel-viwo ƒe akpedavɔsawo me na nunɔla Aron kple viaŋutsuawo. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo tegbee.


Eyome Mose tsa ameɖogbo la ƒe akɔ, eye wònyèe le Yehowa ƒe ŋku me, eye wòzu Mose to, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


bena woanyè la, na wò, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo tɔ woanye; amesiame, si ŋu ko le aƒewò me la kpɔ mɔ aɖui, ɖoɖo mavɔ wòanye.


Gake woƒe lã nanye tɔwò, abe alesi akɔ, si wonyè kple ɖusita nye tɔwoe ene.


Ɖe mienyae bena, amesiwo woa kɔkɔeƒe ƒe dɔwo la, kɔkɔeƒe ƒe nuwo woɖuna, eye amesiwo subɔna le vɔsamlekpui ŋuti la, vɔsamlekpui ƒe nuwo me wokpɔa wo tɔ nua tsonɛ oa?


Nunɔlawo ƒe adzɔ enye si: Ne dukɔ la tsɔ nyi alo alẽ sa akpedavɔ la, ekema woatsɔ abɔ kple glã kpakple dɔgbo na nunɔlawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa