Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Miele lã kple ʋu ɖum, mieto mo te ɖe miaƒe legbawo ŋu, eye miele ʋu kɔm ɖi tso, hafi miehe, anyigba la nanye yewo taa?
Tete Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne menye ɖe mieɖu Amegbetɔvi la ɖe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, ekema agbea ɖeke manɔ mia me o.
bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe!