Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 7:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Amesi ŋu mekɔ o, gake woɖu akpedavɔsalã, si nye Yehowa tɔ la, woatsɔe ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Woaɖe nunɔla si ŋuti mekɔ o, gake wòɖu akpedavɔsanu la le wo tɔwo dome, elabena ena nu si nye Yehowa tɔ la trɔ zu nu makɔmakɔ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 7:20
16 Mawu Ofanana  

Eye ne ŋutsua ɖe ti, si womeɖe aʋanuyi ɖa nɛ o la, woaɖe nenem bolobolotɔ sia ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etu nye nubabla la.


Ne amea ɖe wɔ etɔgbe alo wòna eƒe ɖe ame bubua ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Ne amea ɖe wɔ etɔgbe, be yeaʋẽ ase la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Miele lã kple ʋu ɖum, mieto mo te ɖe miaƒe legbawo ŋu, eye miele ʋu kɔm ɖi tso, hafi miehe, anyigba la nanye yewo taa?


Ne amea ɖe wɔ ŋunyɔnu siawo dometɔa ɖe la, woatsrɔ̃ amesi wɔe la ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Amesi ɖui la, eƒe vodada le edzi, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe nu kɔkɔe la, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe la, eye wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.


Ne amea ɖe metsi nu ɖɔ le ŋkeke sia dzi o la, woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome,


Ne lã la ƒe ɖe ka nu makɔmakɔa ɖe ŋu la, womaɖui o, boŋ woatɔ dzoe. Amesiame, si ŋu kɔ la, kpɔ mɔ aɖu lã la.


Amesiame, si aɖu lã, si wotsɔ sa dzovɔ na Yehowa, ƒe ami la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Amesiame, si aɖe nu ʋua ɖe ŋu la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Ne amea ɖe ɖe asi ame kuku ŋu, eye meɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu o la, ekema edo ŋunyɔ Yehowa ƒe nɔƒe la; ele be, woatsrɔ̃ ame sia ɖa le Israel, elabena womewu ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o, eyata eŋu mekɔ o, eye eya ŋutɔ de busu eɖokui ŋu.


Ke ame naɖo eɖokui akpɔ, eye ale wòaɖu abolo sia ƒe ɖe, eye wòano nu le kplu sia nu.


Ke Saul megblɔ nyaa ɖeke gbemagbe o, elabena ebu be, nanee dzɔ ɖe edzi, ale be eŋu manya kɔ o; eŋutie mekɔ o kokoko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa