Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 7:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esia nye fɔɖivɔsa ŋu se: Nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 “Esiawoe nye se siwo ku ɖe fɔɖivɔsa ŋu. Nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe wònye.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 7:1
17 Mawu Ofanana  

Eye wotsɔ Kore, Yimna vi, si nye Lewi-vi, eye wònye agbonudzɔla le ɣedzeƒekpa dzi la, ɖo nusiwo wona faa la nu, ne woatsɔ Yehowa ƒe nudzɔdzɔwo kple nu kɔkɔeawo nɛ.


Kplɔ̃ eve le agbo la ƒe akpata ƒe go si me, eye eve le go keme me, woawo dzi wowua numevɔsalã, nuvɔ̃vɔsalã kple fɔɖivɔsalã le.


Woaɖu nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa, eye nusiwo katã wodo busui le Israel la, nanye wo tɔ.


Tete wògblɔ nam bena: Teƒe siae nunɔlawo naɖa fɔɖivɔsalã kple nuvɔ̃vɔsalã le, eye afisiae woatɔ nuɖuvɔsa le, ne womagatsɔe ayi xɔxɔnu kɔtoetɔ ana dukɔ la ŋu nakɔ o.


Ke ekpɔ mɔ aɖu eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la, kple esi le kɔkɔe ƒo wo katã ta la.


Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:


Ne amea ɖe meɖi anukware o, eye wòɖe ŋu ɖi ɖa vo le Yehowa ƒe nu kɔkɔeawo me la, ekema wòatsɔ agbo, si sɔ blibo, eye nèbu be, anɔ klosalo sekel kɔkɔe eve la, asa fɔɖiŋuvɔ na Yehowa.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.


Eye wòatsɔ wo ava nunɔla gbɔ, eye eya natsɔ esi wole nuvɔ̃ŋutivɔ sa gee la gbã atro ko le enu ɖe kɔʋume, ke ta la maɖe le enu o.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:


Emegbe wòagagbugbɔ adzɔgbe aɖe na Yehowa, eye wòana alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka wòawɔ fɔɖivɔsae; ke ŋkeke, siwo va yi la, mele eme o, elabena egblẽ kɔ ɖo na eɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa