Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 6:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Esia nye nuɖuvɔsa ŋu se: Aron viŋutsuwo natsɔe ava vɔsamlekpui la gbɔ, le Yehowa ƒe ŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 ame si alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.”

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 6:7
22 Mawu Ofanana  

amesi dzia amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wotsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti le na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.


Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.


Eye ne ame vɔ̃ɖi ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu hewɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe la, esia tae wòana agbe ɖo.


Ne amea de be, yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ wɔ memee asa vɔ lae, eye wòakɔ ami de dzi, atsɔ dzudzɔdonu akpe de eŋu.


Eye woawo nyitsu la, abe alesi wòwɔa nuvɔ̃ŋutivɔsa-nyitsu lae ene. Ale nunɔla la ale avu na wo, eye woatsɔe ake wo.


Eye woatɔ dzo lã la ƒe amiawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe ami ene. Ale nunɔla la alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃ la ta, eye woatsɔe akee.


Eye wòaɖe eƒe amiwo katã, abe alesi wòɖe akpedavɔsalã ƒe amiwo ene, eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa. Ale nunɔla alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.


Eye wòatsɔ evelia asa numevɔe ɖe ɖoɖo la nu. Ale nunɔla la alé avu nɛ ɖe eƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta, eye woatsɔe akee.


Ale nunɔla alé vu nɛ le eƒe vo, si wòda le nusiawo dometɔ ɖeka me la ta, eye woatsɔe akee. Ke nu mamlea nye nunɔla la tɔ abe nuɖuɖuvɔsa tɔ ene.


Eye wòatsɔ agbo, si so blibo, eye wòdze na fɔɖiŋuvɔsa la, ava nunɔla gbɔ, eye nunɔla la nalé avu ne le eƒe ŋu, si wòɖe ɖi, eye menyae o la ta, eye woatsɔe akee.


Eye woaku nuɖuvɔsa ƒe wɔ memee, si dzi ami le la, asiʋlo ɖeka akpe ɖe dzudzɔdonu la katã, si le nuɖuvɔsa dzi la ŋuti, eye woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, be wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa hena ŋkuɖoɖo dzi.


Woawu fɔɖivɔsalã ɖe afisi wowua numevɔsalã ɖo, eye woatsɔ eƒe nu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woatsɔ nuvɔ̃ sia nuvɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo; ke busunya ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti la, womatsɔe ake o.


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa