Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 6:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eyome wòaɖe eƒe awuawo ɖi, ado awu bubuwo, eye wòatsɔ afi la aƒu gbe ɖe asaɖa godo le teƒe kɔkɔea ɖe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 eye ne ewɔ nu vɔ̃ siawo eye wòɖi fɔ la, ele nɛ be wòaɖe asi le nu si wòfi la alo xɔ to amebamɔ dzi alo nu si dzi wobe wòakpɔ alo nu si bu wòfɔ

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 6:4
20 Mawu Ofanana  

Tete Abraham ƒo nu kple Abimelex le tsivudo, si eƒe dɔlawo xɔ sesẽe la ŋuti.


Migbugbɔ woƒe agblewo, weingblewo kple amitigblewo kple woƒe xɔwo kpakple ga kple bli, wein kple ami ƒe alafaliawo ɖeka, siwo mieɖo na wo la, na wo egbea!


Elabena ete ame dahe ɖe anyi, eye wògblẽe ɖi; exɔ xɔ, si metu o la sesẽe.


Wotrɔa liƒowo, eye woɖaa adzo lãhawo kple lãkplɔlawo.


Woƒe kawo mazu avɔ akpɔ o, eye womatsyɔ woƒe dɔwɔwɔwo o; woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔ vɔ̃ɖiwo, eye ŋutasesẽ le woƒe asiwò me.


esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu, eye megbugbɔa awɔbanu nana o, efɔa mo te ɖe legbawo ŋu, eye wòwɔa ŋunyɔnu,


Ke esi fofoa sea ŋuta le ame ŋu, exɔa sesẽnu le nɔvia si, eye wòwɔa nu manyomanyo le wo ɖeviwo dome la, eyata aku le eƒe vodadawo la.


mebaa ame o, egbugbɔa awɔbanu, si wòxɔ ɖe eƒe fe nu la nana, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle,


ame vɔ̃ɖi la gbugbɔ awɔbanu na, eɖo nusi wòda adzoe la teƒe, eye wòzɔ ɖe ɖoɖo agbetɔwo nu, be megawɔ nu vɔ̃ɖi azɔ o la, ekema ano agbe kokoko, maku o.


Ne wole dodo ge ayi dukɔ la gbɔ le xɔxɔnu kɔtoetɔ la, woaɖe woƒe awu, siwo wodo subɔ la, ɖe xɔvi kɔkɔeawo me, eye woado awu bubuwo, ne womagatsɔ woƒe awuwo ana dukɔ la ŋu nakɔ o.


eye ne amea ɖe ƒo lã woku la, wòaɖo eteƒe, lã ɖe lã teƒe.


Amesi ƒo lã wòku la, woaɖo eteƒe; ke amesi ƒo ame woku la, woawu eya hã.


gɔ̃ nyitsu blibo la ayi teƒe kɔkɔe, afisi woƒua afi gbe ɖo, le asaɖa la godo, eye woatɔ dzoe le nake dzi; afisi woƒua afi gbe ɖoe, wòatɔ dzoe ale.


Yehowa be: Womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o, eye woli kɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖe woƒe fiasãwo me gleglegle.


Ne agble dzro wo la, woxɔnɛ; ne xɔ dzro wo la, wodaa adzoe, eye woɖua sesẽnu le aƒe kple aƒetɔ si, le ŋu-tsu kple eƒe domenyinu si.


Mahe to na amesiwo katã tia kpo flɔa kpuiwo, eye wotsɔa ŋu-tasese kple alakpadada yɔa wo-ƒe aƒetɔ ƒe xɔwo taŋ la, gbemagbe.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miele gbɔgblɔm be, eɖuɖu la, fuɖename wònye; eye mietsɔ adzonuwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo va sa vɔe. Ɖe mele esia dim tso mia si mea? Yehowa ye gblɔe.


Eye wòaʋu eƒe vo, si wòda la me, eye wòaxe fe dedie ɖe nusi me wòɖi fɔ le la ta; emegbe wòatsɔ ho la ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu edzi ahatsɔ na amesi ŋu wòɖi fɔ ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa