Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 6:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nunɔla nado eƒe awu ʋlaya viawo, eye wòado agbotɛ ɣiawo ɖe eƒe ama; emegbe wòala afi, siwo numevɔsa ƒe dzo nyẽ la le vɔsamlekpui la dzi akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 alo ne efɔ nu bubu aɖe, evɔ wòda alakpa le eŋuti alo wòka atam dzodzro alo wòwɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ ɖeka si amewo awɔ,

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 6:3
14 Mawu Ofanana  

Ne èkpɔ wò ketɔ ƒe nyi alo tedzi tre mɔ la, gakplɔe vɛ ne.


Eye natɔ agbotɛ ɣiwo na wo, woadidi ava se ali me, bena woado ɖe woƒe ama.


Meganye ɖasefo de nɔviwò ŋu dzodzro o, eye megatsɔ wò nuyiwo da alakpae o.


ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: „Amekae nye Yehowa hã“ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahaɖa aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.


Esi wole gbɔgblɔm be, yewota Yehowa ƒe agbe hã la, alakpa dzie wole nu tam ɖo.


Nuka? Miele fifim, le ame wum, le ahasi wɔm, le atam dzodzro kam, eye miedo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo mienya o tso,


Ne wole dodo ge ayi dukɔ la gbɔ le xɔxɔnu kɔtoetɔ la, woaɖe woƒe awu, siwo wodo subɔ la, ɖe xɔvi kɔkɔeawo me, eye woado awu bubuwo, ne womagatsɔ woƒe awuwo ana dukɔ la ŋu nakɔ o.


Emegbe woade eƒe avɔ eye wòanya fu le eŋu, atsɔ wo aƒu gbeɖe dzowɔteƒe le vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome.


Wòado awutewui ʋlaya la, eye wòado agbotɛ ɣi ɖe eƒe ama, abla alidziblanu yi la, eye wòatsɔ tablanu ɣi la abla tae. Awu kɔkɔewo wonye, wòale tsi hafi ado wo.


Migaka aʋatso yɔ nye ŋkɔ ta nui o, bena nagaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa!


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Nyee ɖoe ɖa, be wòayi fiafitɔ kple atam dzodzro kala ƒe me le nye ŋkɔ me, eye wòatsi eƒe xɔ me afiã eƒe xɔtlwo kple kpewo.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa