Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 De se na Aron kple viaŋutsuawo be: Esia enye numevɔsa la ŋuti se: Dzo nanɔ bibim ɖe numevɔsa la ŋu zã blibo la katã, vaseɖe esime ŋu nake. Ale dzo la nanɔ bibi dzi ɖaa le vɔsamlekpui la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Nenye be ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye meto nyateƒe na Yehowa o, ne eble ehavi tso nu si woda ɖe egbɔ alo be nedzra ɖo na ye alo wòfi alo wòbae

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 6:2
25 Mawu Ofanana  

Ke esi afima ŋutsuwo bia srɔ̃a ta se la, egblɔ bena, ye nɔvinyɔnue. Elabena ele vɔvɔ̃m be, ne yeʋu me be, ye srɔ̃e la, ekema afima ŋutsuwo awu ye le ye srɔ̃ Rebeka ta; elabena edze tugbe ŋutɔ.


Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!


Meganye ɖasefo de nɔviwò ŋu dzodzro o, eye megatsɔ wò nuyiwo da alakpae o.


nenema nye ŋutsu, si blea ehavi, eye wògblɔna be: Fefem nye mele!


Ŋutega sesẽa ɖe woɖe fiãm be: Amegɔmezɔla, zɔ ame gɔme; adzoblasu, ha nu! Elam, ho va; Media, ɖe to ɖe ŋu! Matsi eƒe hũɖeɖewo katã nu.


Míese hadzidzi tso anyigba ƒe mlɔenu be: Woakafu ame dzɔdzɔewo! Ke nyea megblɔ be: Nye nublanuitɔ, baba nam! Adzodalawo le nu ham, nuhaha dzi adzodalawo le!


Baba na wò nugblẽla, si womegblẽna o, wò adzoblasu, si womedaa adzoe o! Ne èwu nugbegblẽ nu la, woagblẽ wò hã, eye ne eda adzo vɔ la, woada adzo wò hã!


Yehowa be: Alakpadada le dowòme, eye wogbe sidzedzem le alakpadada ta.


eye xɔvi, si trɔ ŋgɔ dze anyiehe gome la, enye nunɔla, siwo le dɔ wɔm le vɔsamlekpuia ŋu la tɔ; woawo nye Zadok-viwo tso Lewi-viwo dome, amesiwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu asubɔe.


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Migafi fi o, migasẽ nu o, eye amea ɖeke megable nɔvia o.


Ne amea ɖe meɖi anukware o, eye wòɖe ŋu ɖi ɖa vo le Yehowa ƒe nu kɔkɔeawo me la, ekema wòatsɔ agbo, si sɔ blibo, eye nèbu be, anɔ klosalo sekel kɔkɔe eve la, asa fɔɖiŋuvɔ na Yehowa.


Fɔɖiŋuvɔsae, Yehowa ŋue wòɖi fɔ la le.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:


mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Gbekagbe gɔ̃ dzinu yeye nu le yiyi ge, ne míadzra bli, eye dzudzɔgbe nu le yiyi ge, ne míaʋu avawo nu ahakpa nudotree sue, míadzi asi ɖe edzi, eye míaŋe nudanu ɖe eme aha amee;


Wò amesi ƒe ŋkuwo dza, be màte ŋu akpɔ nu yɔ̃ɖi wɔwɔ o, eye màte ŋu alé ŋku ɖe hiãkame ŋu o, nu kaŋuti nèle ame tovo kpɔm kpleŋku, eye nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la?


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


Esi woli la, ɖe menye tɔwòe oa? Eye esi nètsɔe dzra la, ɖe menye wò ŋusẽ nue oa? Nukaŋuti nètsɔ nuwɔwɔ sia ɖo wò dzi me mahã? Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ.


Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.


migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa,


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa