Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 6:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Nunɔla, si sa nuvɔ̃ŋutivɔa la, kpɔ mɔ aɖui le teƒe kɔkɔe la, le Mawu ƒe agbadɔ la ƒe kpo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Yehowa gblɔ na Mose bena,

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 6:19
8 Mawu Ofanana  

eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo maʋamaʋà kple aboŋgo maʋamaʋã, eye natɔ tatali maʋamaʋã akɔ ami ɖe dzi.


Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye.


Kpɔ ɖa, wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la mee o, eyata ɖe miaɖui le teƒe kɔkɔe la, abe alesi mede se ene hafi.


Gblɔ na Aron kple viaŋutsuwo be: Esia enye nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋu se: Woawu nuvɔ̃ŋutivɔsalã ɖe afisi wowua numevɔsalã ɖo, le Yehowa ƒe ŋku me; elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Amesiame, si aka asi eƒe lã ŋu la, azu kɔkɔe, eye ne eƒe ʋu hlẽ ɖe amea ɖe ƒe awu ŋu la, ekema wòanya afisi wòhlẽ ɖo la, le teƒe kɔkɔe la.


Ke Aron kple viaŋutsu wo naɖu mamlea, nu maʋamaʋã wòanye woaɖu le teƒe kɔkɔe la; Mawu ƒe agbadɔ la ƒe kpɔ me woaɖui le.


Wòabu adzɔ, si miana la, abe mia ŋutɔwoe xa agblemenu, eye mieha wein ene.


Woƒe nunana kɔkɔetɔ, siwo anye tɔwò la, wonye, woƒe nuɖuvɔsawo katã, nuvɔ̃vɔsawo katã kple fɔɖivɔsawo katã, siwo wonam la dometɔ, siwo womatɔ dzoe o, nu kɔkɔe woanye na mia kple viwòŋutsuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa