Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 6:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Gblɔ na Aron kple viaŋutsuwo be: Esia enye nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋu se: Woawu nuvɔ̃ŋutivɔsalã ɖe afisi wowua numevɔsalã ɖo, le Yehowa ƒe ŋku me; elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Ŋutsu ɖe sia ɖe si dzɔ tso Aron me, nunɔla ɖe sia ɖe, ate ŋu aɖui tso dzidzime yi dzidzime. Ke nunɔla siwo ŋuti kɔ koe kpɔ mɔ aɖu vɔsanu siwo wome na Yehowa.’ ”

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 6:18
19 Mawu Ofanana  

Ŋkeke adre sɔŋ name avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi, eye nawɔe kɔkɔe, bena vɔsamlekpui la nazu nu kɔkɔetɔ. Nusianu, si aka vɔsamlekpui ŋu la, azu kɔkɔe.


Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã. Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami alo ʋua ɖeke o.


Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo gbɔ̃tsu la ƒe tame, eye woawui ɖe afisi wowua numevɔsalã le le Yehowa ƒe ŋku me, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Ne nunɔla, si wòsi ami na, da vo hehe vɔ̃ va dukɔ la dzi la, ekema woatsɔ nyitsu ɖagbea ɖe, si so blibo asa nuvɔ̃ŋutivɔ na Yehowa ɖe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.


eye wòatsɔ eƒe asi aɖo nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ƒe tame, eye woawui wòanye nuvɔ̃vɔsa, ɖe afisi wowua numevɔsalã le.


Womatsɔ amɔwɔ ʋaʋã aƒoe o, elabena nye dzovɔsa me meɖee le na wo, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye abe nuvɔ̃ŋutivɔsa kple fɔɖiŋutivɔsa ene.


Nunɔla, si sa nuvɔ̃ŋutivɔa la, kpɔ mɔ aɖui le teƒe kɔkɔe la, le Mawu ƒe agbadɔ la ƒe kpo me.


Ŋutsu sia ŋutsu, si nye nunɔla la, kpɔ mɔ aɖui le teƒe kɔkɔe la, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Teƒe kɔkɔetɔ naɖui le, ŋutsu sia ŋutsu kpɔ mɔ aɖui; nu kɔkɔe wòanye na wò. Metsɔ nunana bubu, siwo katã Israel-viwo ana,


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Kpɔ ɖa, metsɔ adzɔ, siwo woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔewo katã ŋu la, na wò, wò ŋutɔ kple viwòŋutsuwo ƒe gome wònye, ɖoɖo mava wòanye.


Ɖe mienyae bena, amesiwo woa kɔkɔeƒe ƒe dɔwo la, kɔkɔeƒe ƒe nuwo woɖuna, eye amesiwo subɔna le vɔsamlekpui ŋuti la, vɔsamlekpui ƒe nuwo me wokpɔa wo tɔ nua tsonɛ oa?


elabena woŋlɔ bena: „Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.“


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa