Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 5:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu akpɔ alẽ alo gbɔ̃ vɛ na Yehowa o la, ekema ana akpakpa eve alo ahɔnɛ fɛ̃ eve abe eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. Xeviawo dometɔ ɖeka anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye evelia anye eƒe numevɔsa.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 5:7
24 Mawu Ofanana  

Nenye ŋutsuvi alo nyɔnuvie, eye ŋkekeawo de eŋu ko la, ekema wòalé alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, woawo numevɔsae, kple ahɔnevi alo akpakpa woawɔ nuvɔ̃vɔsae, avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawo numevɔsae, eye ɖeka woawo nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.


Emegbe wòawɔ akpakpa alo ahɔnevi, siwo ke ame la te ŋu na la, dometɔ ɖeka ŋu ɖɔ;


wòatsɔ ɖeka asa fɔɖivɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe akpe ɖe nuɖuvɔsa la ŋu, eye wòalé avu le Yehowa ŋku me na amesi ŋu kɔm wole.


Eye nunɔla la natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale nunɔla la alé avu ne le Yehowa ŋku me, le eƒe ʋu makɔmakɔ la ta.


Eye woaxɔ gbɔ̃tsu eve le Israel-viwo ƒe ha la si awɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka awɔ numevɔsae.


Ke ne ame la da ahe, eye mate ŋu ana ho la o la, ekema nakplɔe ayi nunɔla gbɔ, eye nunɔla nado asi nɛ ɖe nusi le esi la nu.


Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Esia nye fɔɖivɔsa ŋu se: Nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Eye nagblɔ na Israel-viwo bena: Milé gbɔ̃tsu woawo nuvɔ̃vɔsae, nyivi kple alẽvi, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wosɔ blibo la, woawo numevɔsae,


Gblɔ na Israel-viwo be: Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe da vo ɖe amea ɖe ŋu, eye meɖi anukware na Yehowa o la, ekema ame la ɖi fɔ.


Eye le ŋkeke enyiagbe la wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Nunɔla la natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe, eye wòalé avu nɛ, le esi wògblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu la ta, eye wòagakɔ eƒe ta ŋu nɛ gbemagbe.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Eye Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wònyã amesiwo katã le nu dzram kple nu ƒlem le mawuƒea me la ɖo go, eye wòmũ ga ɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le akpakpa dzram la ƒe zikpui wo ƒu anyi;


Ke esi wode mawutsi ta na Yesu vɔ la, edo go tso taa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wokpe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi:


eye be woana numeme, abe alesi wogblɔ le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Akpakpa eve alo ahɔ̃nevi eve.“


Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa