Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fa la ta, eye nunɔla nale avu ne le eƒe nuvɔ̃ la ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Nunɔla la alé avu ɖe enu, ekema Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee, eye mele be wòagawɔ ɖe atam si wòka la dzi o.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 5:6
13 Mawu Ofanana  

Kplɔ̃ eve le agbo la ƒe akpata ƒe go si me, eye eve le go keme me, woawo dzi wowua numevɔsalã, nuvɔ̃vɔsalã kple fɔɖivɔsalã le.


Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye.


eye gbesigbe wòyi xɔxɔnu metɔ le kɔkɔeƒe la, be yeasubɔ le kɔkɔeƒea la, nesa nuvɔ̃vɔ, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eye woawo nyitsu la, abe alesi wòwɔa nuvɔ̃ŋutivɔsa-nyitsu lae ene. Ale nunɔla la ale avu na wo, eye woatsɔe ake wo.


emegbe wòdze si nuvɔ̃, si wòwɔ la, ekema wòatsɔ gbɔ, si sɔ blibo, asa vɔe ɖe eƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.


Eye wòaɖe eƒe amiwo katã, abe alesi wòɖe akpedavɔsalã ƒe amiwo ene, eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa. Ale nunɔla alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.


Nenye alẽvi wòbe, yeatsɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe la, ekema wòanye nɔe, si sɔ blibo,


Eye wòaɖe eƒe amiwo katã le eŋu, abe alesi wòɖea ami le akpedavɔsalã ŋu ene, eye nunɔla natsɔ wo aɖa ɖe Yehowa ƒe dzovɔsalã la dzi ato dzo wo. Ale nunɔla alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃, si wowɔ la ta, eye woatsɔe akee.


Dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi ɖaa, eye womatsii o.


Emegbe wòagagbugbɔ adzɔgbe aɖe na Yehowa, eye wòana alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka wòawɔ fɔɖivɔsae; ke ŋkeke, siwo va yi la, mele eme o, elabena egblẽ kɔ ɖo na eɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa