Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eya dzɔ, ne amea ɖe ɖi fɔ le nusiawo dometɔ ɖeka me la, ekema wòaʋu vo, si wòda la me,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Le go siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me,

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 5:5
13 Mawu Ofanana  

Adzi ha na amewo agblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, eye metrɔ gbo nu dzɔdzɔe la, ke womeɖo eteƒe nam o.


Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Yehowa be: Dze si wò vodada, elabena èto vo ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye netsa tsa glãla yi mawu tutɔwo gbɔ le ati damawo katã gɔme, eye miegbe nye gbe sese.


Eye mede gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu, heʋu nuvɔ̃ me gblɔ bena; Ao, Aƒetɔ, wò Mawu ga dziŋɔ, amesi dzraa nubabla kple amenuveve ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe sewo me ɖe asi!


Eye Aron natsɔ eƒe asiwo kple eve aɖo gbɔ̃tsu gbagbe la ƒe tame, eye wòaʋu Israel-viwo ƒe vodadawo, dzidadawo kple woƒe nuvɔ̃wo katã me akɔ ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòana ŋutsu, si le klalo la, nakplɔe aɖo ɖe gbedzi.


Emegbe ne woaʋu woawo ŋutɔ kple wo fofowo ƒe vo, si woda hewɔ nuvɔ̃, eye wotsi tre ɖe ŋunye,


Ale nunɔla alé vu nɛ le eƒe vo, si wòda le nusiawo dometɔ ɖeka me la ta, eye woatsɔe akee. Ke nu mamlea nye nunɔla la tɔ abe nuɖuɖuvɔsa tɔ ene.


Eye wòaʋu eƒe vo, si wòda la me, eye wòaxe fe dedie ɖe nusi me wòɖi fɔ le la ta; emegbe wòatsɔ ho la ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu edzi ahatsɔ na amesi ŋu wòɖi fɔ ɖo.


elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ la.


Tete Yosua gblɔ na Axan bena: Vinye, de bubu Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye na woakafui! Gblɔe nam dzro, nuka gɔ̃ nèwɔ? Megada alakpa nam o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa