Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Alo ne atam ge le amea ɖe nu, eɖanye vɔ̃ alo nyui dzi wòka atam la ɖo be, yeawɔ o, eye menyae o, emegbe wòdze sii la, ekema eɖi nu siawo dometɔ ɖeka ƒe fɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Alo ne ame aɖe ka atam be yeawɔ nane evɔ mebu ta me nyuie hafi kae o, eɖanye nyui alo vɔ̃ la, le nya sia nya si me wòaka atam le tamemabumabutɔe la, togbɔ be menya nu si wɔm wòle o hã la, ne eva nya emegbe la, aɖi fɔ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 5:4
25 Mawu Ofanana  

Ke fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu le Yehowa ƒe atam, si le Dawid kple Yonatan, Saul vi dome la ta.


Eye wògblɔ bena: Mawu afiam agafiam ɖe dzi, ne Elisa, Safat vi ƒe ta aganɔ eŋu fi!


Wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ, eye nya ge le enu.


Ale nunɔla alé vu nɛ le eƒe vo, si wòda le nusiawo dometɔ ɖeka me la ta, eye woatsɔe akee. Ke nu mamlea nye nunɔla la tɔ abe nuɖuɖuvɔsa tɔ ene.


Ne ede asi amea ɖe ƒe nu makɔmakɔa; ɖe, si na be, ame la gblẽ kɔ ɖo ŋu, eye menyae o, emegbe wòdzesii la, ekema eɖi fɔ.


Ke ne fofoa see, eye wògbe nɛ gbemagbe ke la, ekema magawɔ eƒe adzɔgbe, si wòɖe, alo nusi wòtsri la dzi o; eye Yehowa atsɔe akee, le esi fofoa gbe nɛ la ta.


eye srɔ̃a zi kpi kpɔe le gbesigbe wòsee la, ekema wòawɔ eƒe adzɔgbe, si wòɖe, alo nusi wòtsri la dzi.


Eyata wòka atam do ŋugbe nɛ be, nusianu, si ke wòabia la, yeanae.


Eye wòve fia la, gake le atam, si wòka, kple amesiwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii ŋuti la, eɖe se be, woatsɔe nɛ,


Eye wòka atam ne bena: Nusi ke nabiam la, mana wò vaseɖe nye fiaɖuƒe la ƒe akpa afã dzi.


Eye esi ŋu va ke la, Yudatɔa ɖewo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye woƒo ti ɖe wo ɖokui bena, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge, vaseɖe esime yewoawu Paulo o.


Tete ŋutsuawo gblɔ nɛ bena: Ne miegblɔ nya sia wose o, eye Yehowa tsɔ anyigba la na mí, gake míeve nuwo o, eye míeɖi anukware na wò o la, ekema míaku ɖe mia teƒe!


Eye Yosua wo xɔlɔ̃ kpli wo hebla nu kpli wo be, yeana woatsi agbe, eye ameha la ƒe amegãwo ka atam na wo.


eye megbɔ tso Amon-viwo gbɔ le ŋutifafa me la, ekema nusianu, si ke ado tso aƒenye me ava kpena la, anye Yehowa tɔ, eye matsɔe asa numevɔe.


Ke miawo la míate ŋu atsɔ mia vinyɔnuwo na wo woade o; elabena Israel-viwo ka atam bena: Aɖi amesi ana nyɔnu Benyamin la ŋu!


Aleke míawɔ hafi ana nyɔnu ame kpɔtɔeawo? Elabena míeta Yehowa be, miana mía vinyɔnua ɖeke wo woaɖe o.


Nenye nuteƒe kple nu dzɔdzɔe wònye miewɔ na Yerub-Baal ƒe aƒe egbe la, ekema mikpɔ dzidzɔ le Abimelex ŋu, eye eya hã nakpɔ dzidzɔ le mia ŋu!


Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!


Mawu afia Dawid ƒe futɔwo agafia wo ɖe dzi, ne makpɔtɔ eƒe ŋutsuwo katã dometɔa de ɖi, hafi ŋu nake fi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa