Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 5:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye wòaɖo nu kɔkɔe, si me wòda vo le la teƒe, emegbe wòatsɔ nu la ƒe etɔ̃liawo ɖeka akpee; wòatsɔ wo ava nunɔla gbɔe, eye nunɔla la natsɔ fɔɖiŋuvɔsagbo la alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Kpe ɖe esia ŋu la, ele nɛ be wòaɖo nu si mete ŋu wɔ o la teƒe ku ɖe nu kɔkɔeawo ŋuti, agatsɔ nu si wòle be wòana la ƒe akpa atɔ̃lia akpe ɖe nuawo ŋu, eye wòatsɔ wo katã vɛ na nunɔla la, ame si atsɔ agbo la alé avui abe fɔɖivɔsa ene. Ale woatsɔe akee.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 5:16
22 Mawu Ofanana  

Meɖo ɣli nu ti kɔ nam, eye nye gbe me xe, mele mɔ kpɔm na nye Mawu ʋuu wòti nye ŋkuwo.


Ne wole fiafitɔa ɖe le fi dzi, eye wo ƒoe woku la, ekema hlɔ̃a ɖeke mele me o.


Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖu nu kɔkɔea la, ekema woaɖo nu kɔkɔe la teƒe na nunɔla, eye wòatsɔ nu la ƒe mamã atɔ̃lia akpe ɖe ŋu.


Ke ne ebe, yeagaxɔe kple ga la, ekema wòatsɔ asi, si nedo ɖe eŋu la, ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu dzi.


Ke ne amesi kɔ eƒe xɔ ŋu be, yeagaxɔe kple ga la, ekema wòatsɔ asi, si neɖo ɖe eŋu la, ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu dzi, emegbe ezu etɔ.


Nenye lã makɔmakɔe la, ekema wòaxe fe ɖe eta, abe alesi nedo asi lae ene, eye wòatsɔ home la ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu dzi, ke ne mexe te ɖe eta o la, ekema wòatsɔe adzra, abe alesi nado asii ene.


Ke ne amea ɖe be, yeaxe fe ɖe eƒe nuwo ƒe mamã ewoliawo ɖeka ta la, ekema woatso home la ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu edzi.


Eye woawo nyitsu la, abe alesi wòwɔa nuvɔ̃ŋutivɔsa-nyitsu lae ene. Ale nunɔla la ale avu na wo, eye woatsɔe ake wo.


Eye woatɔ dzo lã la ƒe amiawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe ami ene. Ale nunɔla la alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃ la ta, eye woatsɔe akee.


Eye wòatsɔ evelia asa numevɔe ɖe ɖoɖo la nu. Ale nunɔla la alé avu nɛ ɖe eƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta, eye woatsɔe akee.


Ale nunɔla alé vu nɛ le eƒe vo, si wòda le nusiawo dometɔ ɖeka me la ta, eye woatsɔe akee. Ke nu mamlea nye nunɔla la tɔ abe nuɖuɖuvɔsa tɔ ene.


eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fa la ta, eye nunɔla nale avu ne le eƒe nuvɔ̃ la ta.


Woawu fɔɖivɔsalã ɖe afisi wowua numevɔsalã ɖo, eye woatsɔ eƒe nu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Eye wòaʋu eƒe vo, si wòda la me, eye wòaxe fe dedie ɖe nusi me wòɖi fɔ le la ta; emegbe wòatsɔ ho la ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu edzi ahatsɔ na amesi ŋu wòɖi fɔ ɖo.


Ke ne ƒometɔ kekeake mele ame la si, amesi wòaxe fe la na o la, ekema fe, si wòxe la, zu Yehowa tɔ hena nunɔla, hekpe ɖe agbo, si woatsɔ alé avu nɛ la ŋuti.


Eye Zaxeo tsi tre gblɔ na Aƒetɔ la bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, metsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le amea ɖe si dzro la, meɖoa eteƒe ne zi ene.


ke boŋ megblɔe fia Damaskotɔwo gbã, kple amesiwo le Yerusalem kple Yudea nutometɔwo katã kpakple trɔ̃subɔlawo hã, bena woatrɔ le woƒe dzi me, eye ne woagbugbɔ ava Mawu gbɔ, ne woawɔ dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ.


Tete woɖo ŋu bena: Ne miehe, yewoaɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa la, ekema migaɖoe ɖa ƒuƒlu o; ke boŋ mitsɔ avulénu kpe ɖe eŋu! Ekema miaƒe lãme asẽ, eye ne eƒe asi madzo le mia ŋu o hã, mianya.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa