Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 5:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu atsɔ akpakpawo alo ahɔnɛ fɛ̃wo asa nu vɔ̃ vɔe o la, ekema ana wɔ memee kilogram ɖeka. Mele be woakɔ ami ɖe edzi loo alo atsakae kple dzudzɔdonu o, elabena nu vɔ̃ vɔsae.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 5:11
23 Mawu Ofanana  

Eye wotsɔ gomer dzidzee; ke amesi fɔe fũ la, mekpɔ ɖeke ɖe dzi o, eye amesi fɔe ʋee ko la, naneke mehiãe o; amesiame fɔe ɖe eƒe ɖuɖu nu.


Gomer ɖeka enye eta ƒe mamã ewolia ɖeka.


Ke nenye xewo wòbe, yeatsɔ asa vɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi asa vɔ lae.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawo numevɔsae, eye ɖeka woawo nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.


Ke ne eda ahe, eye mate ŋu ana nusiawo o la, ekema wòana alẽvi ɖeka, si woanyè awɔ fɔɖivɔsae, bena woatsɔ alé avu nɛ, kple wɔ memee tre ɖeka, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, ami trevi ɖeka


Ke ne ame la da ahe, eye mate ŋu ana ho la o la, ekema nakplɔe ayi nunɔla gbɔ, eye nunɔla nado asi nɛ ɖe nusi le esi la nu.


Eye wòatsɔe ava nunɔla la gbɔe, eye nunɔla la naku eƒe asiʋlo ɖeka aku ɖe Yehowa ƒe dzovɔsa la dzi atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi hena ŋkuɖoɖo dzi, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fa la ta, eye nunɔla nale avu ne le eƒe nuvɔ̃ la ta.


Emegbe wòahlẽ nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu, ke wòaɖuɖu ʋu mamlea ɖe vɔsamlekpui la te, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Amesiame, si aka asi eƒe lã ŋu la, azu kɔkɔe, eye ne eƒe ʋu hlẽ ɖe amea ɖe ƒe awu ŋu la, ekema wòanya afisi wòhlẽ ɖo la, le teƒe kɔkɔe la.


ekema ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ava nunɔla gbɔ, eye woatsɔ luwɔ efa ewoliawo ɖeka awɔ vɔsanu akpe ɖe eŋu, makɔ ami ɖe edzi o, eye mada dzudzɔdonu hã ɖe edzi o; elabena anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa kple nuɖuvɔsa, si ɖoa ŋku vodada dzi wònye.


Nusiwo wòna, wonye, klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ ʋanaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae;


eye be woana numeme, abe alesi wogblɔ le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Akpakpa eve alo ahɔ̃nevi eve.“


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Eye mate ŋu agblɔ kloe bena, wotso ʋu klo nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃kekea ɖeke manɔ anyi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa