Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 5:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ne amea ɖe se woƒo fi de ame, eye wònye ɖasefo, ele eteƒe alo ɖe wosee o, gake megblɔe o la, ekema eda vo, eye fɔɖiɖi la le edzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 “ ‘Ne ame aɖe se be woɖe gbeƒã be woava ɖi ɖase le nu vɔ̃ si ame bubu aɖe wɔ la ŋu si wòkpɔ alo nya nu le eŋu, gake meɖi ɖase le eŋuti o la, ekema ewɔ nu vɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 5:1
22 Mawu Ofanana  

Fia la gblɔ nɛ bena: Zi nenie mata wò be, gblɔ nyateƒe sɔŋ ko nam le Yehowa ƒe ŋkɔ mea?


Ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ ɖe ehavi ŋu, eye wobia atam tso esi, be wòaka, eye wohe atam la va wò vɔsamlekpui ŋgɔ le aƒewò me la,


Tete fia la gblɔ nɛ bena: Zi nenie maka atam na wò be, nato nyateƒe sɔŋ ko nam le Yehowa ƒe ŋkɔ mea?


Agbagbeƒea ɖeke mele nye lãme o le wò dɔmedzoe la ta; ŋutilafaa ɖeke mele nye ƒuwo me o le nye nuvɔ̃ ta.


Nenye ɖe wofii le egbɔ la, ekema woaɖo eteƒe na lã la tɔ.


Amesi woa kple fiafitɔ womã nu, eye wòse ɖiŋudodo, gake metoe o la, ele fu eya ŋutɔ ƒe agbe.


ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: „Amekae nye Yehowa hã“ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahaɖa aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.


Akpa nu kple ŋku, wòaɖi ƒo nɛ le eƒe luʋɔ ƒe agbagbadzedze ta. Nye dɔla dzɔdzɔe la atsa nunya atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te.


Elabena ahasitɔwo yɔ anyigba la dzi fũ, fiƒode na nu ti ka na anyigba la, eye gbegbe ƒe lãnyiƒewo ƒu, elabena woƒe zɔzɔme enye vɔ̃, eye woƒe kalẽwɔwɔ mele eteƒe o.


Amesi wɔa nuvɔ̃ la, eyae aku; fofo ƒe vodada manɔ via dzi o, eye vi ƒe vodada manɔ fofo dzi o; ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ava eya ŋutɔ dzi, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ ava eya ŋutɔ dzi.


Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.


Ke ne menya wo o, eye mele tsi hã o la, ekema eya ŋutɔ ƒe fɔɖiɖi le edzi.


Amesi ɖui la, eƒe vodada le edzi, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe nu kɔkɔe la, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Ne amea ɖe ɖe nɔvianyɔnu, si nye fofo via alo dada via, eye wòkpɔ eƒe ama, eye nyɔnu la hã kpɔ eƒe ama la, ekema ŋukpenanu wònye, eye woatsrɔ̃ wo le woƒe dukɔ me viwo dome, elabena eɖe nɔvianyɔnu ƒe ama ɖe go, eye fɔɖiɖi la le edzi.


Ƒo nu kple Israel-viwo be: Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖi ɖa Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòwɔ nusi ŋu se le na wo la.


Ne amea ɖe meɖi anukware o, eye wòɖe ŋu ɖi ɖa vo le Yehowa ƒe nu kɔkɔeawo me la, ekema wòatsɔ agbo, si sɔ blibo, eye nèbu be, anɔ klosalo sekel kɔkɔe eve la, asa fɔɖiŋuvɔ na Yehowa.


Ne amea ɖe da ƒu le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka me, eye menyae o la, eda vo, eye fɔɖiɖi la le edzi.


Eye ne amea ɖe aɖu eƒe akpedavɔsalã le ŋkeke etɔ̃agbe la, womagaxɔe nɛ o, eye womabui na amesi sa vɔ la o; lã makɔmakɔ wòanye, eye amesi aɖu eƒe ɖe la, fɔɖiɖi la anɔ edzi.


Ne amea de megblẽ kɔ ɖo o, eye meyi nugbe hã o, gake wògbe ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuɖu la, ekema woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome, elabena mesa vɔ na Yehowa ɖe ɣeyiɣi la dzi o; ame la ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ le edzi.


Ke Yesu zi kpi. Eye nunɔlagã la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Meta Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la!


Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


Eya gblɔ na dadaa bena: Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa, si wofi, eye nedo ɖiŋu ɖe eŋu, nye hã mese la, le asinye; nyee tso klosalo la. Tete dadaa gblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa