Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye nunɔla la nade eƒe asi ʋu la me ahlẽ zi adre ɖe avɔ, si tso kɔkɔeƒea me la gbã le Yehowa ŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre le Yehowa ŋkume ɖe xɔmetsovɔ si ma Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me la ŋkume.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 4:6
22 Mawu Ofanana  

Eye wokɔ aɖa ka la da ɖe nɔƒe la, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la xe nubablaɖaka la ŋku me, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Eye wòtsɔ sikavɔsamlekpui la da de Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ la ŋgɔ,


Nunɔla la natsɔ eƒe ɖusisibide ade ami, si le eƒe miãsi me la me, eye wòatsɔ eƒe asibide ahlẽ ami la zi adre le Yehowa ŋku me.


Emegbe nunɔla la natsɔ ami mamlea, si susɔ ɖe esi la, akɔ ɖe amesi ŋu kɔm wole la ƒe tame, bena wòalé avu nɛ le Yehowa ŋku me.


Eye nunɔla la natsɔ eƒe asibide ahlẽ ami, si le eƒe miãsi me la, ƒe ɖe zi adre le Yehowa ŋku me.


awu ɖe anyidzela, si ŋu kɔm wole la ŋu, eye wòakɔ eŋu; ke wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu aɖo ɖe gbe me.


Wòatso eƒe asibide ahlẽ nyitsu la ƒe ʋu ƒe ɖe ɖe nutsyɔnu la dzi, eye woatso eƒe asibide ahlẽ ʋu la ƒe ɖe ɖe nutsyɔnu la ŋgɔ zi adre.


Eye wòatsɔ eƒe asibide ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe edzi zi adre, eye wòako eŋu tso Israel-viwo ƒe nu makɔmakɔwo me awɔe kɔkɔe.


Eye naxlẽ dzudzɔƒe adre; ƒe adre teƒe adre naxlẽ, ale bena dzudzɔƒe adre la nade ƒe blane vɔ asieke.


Ne nusiawo va tso, hafi miegaɖo tom o la, ekema mahe to na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


ekema nye hã matsi tre ɖe mia ŋu, eye magaɖe fu na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


ekema nye hã mado dɔmedzoe atsi tre ɖe mia ŋu, eye mahe to na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Eye nunɔla la nade eƒe asi ʋu la me, ahlẽ zi adre ɖe xɔmetsovɔ la gbɔ le Yehowa ƒe ŋku me.


Emegbe nunɔla natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke woatsɔ ʋu mamlea akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.


Emegbe nunɔla la natsɔ eƒe asi asisi eƒe nu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe vɔsamlekpui la te.


Emegbe nunɔla la natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋuti, ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.


Ewu ami la ɖe vɔsamlekpuia ŋu zi adre, eye wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, tsileze la kple eƒe zɔ, be wòawɔ wo kɔkɔe.


Emegbe Mose wui, eye wotso eƒe asibide sisi ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo va kpe, eye wòɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋu; ke ekɔ ʋu mamlea ɖe anyigba le vɔsamlekpui la gbɔ. Ale wòwɔe kɔkɔe, esi wòwɔ avulénuwo le eŋu.


Eye Aron viŋutsuawo tso ʋu la vɛ ne, eye wotso eƒe asibide de ʋu la me hesisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke etso ʋu mamlea ka ɖe vɔsamlekpui la te.


Eye nunɔla Eleazar nade eƒe asi nu la me ahlẽ zi adre ɖe go, si me Mawu ƒe agbadɔ la dze ŋgɔe.


Eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze aɖaka la ŋgɔ. Ke le ŋkeke adreagbe la woazɔ aƒo xlã du la akpe ɖo zi adre, eye nunɔlawo naku akɔfɛawo.


Esi Yosua gblɔ nya sia na dukɔa la, tete nunɔla adreawo tsɔ akɔfɛ adre dze Yehowa ŋgɔ heyi, eye woku akɔfɛawo, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la dze wo yome;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa