Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wòakplɔ nyitsu la ava Mawu ƒe agbadɔ la nu le Yehowa ŋku me, atsɔ eƒe asi aɖo nyitsu la ƒe tame, eye woawu nyitsu la le Yehowa ƒe ŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ele be wòakplɔ nyitsuvi fɛ̃ la ava Agbadɔ la ƒe mɔnu, atsɔ eƒe asi ada ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye wòawui le afi ma le Yehowa ŋkume.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 4:4
11 Mawu Ofanana  

Eye wokplɔ nuvɔ̃vɔsa ƒe gbɔ̃tsuawo va fia la kple takpekpe la ŋku me, eye wotsɔ woƒe asiwò da ɖe wo dzi.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


Eye Aron natsɔ eƒe asiwo kple eve aɖo gbɔ̃tsu gbagbe la ƒe tame, eye wòaʋu Israel-viwo ƒe vodadawo, dzidadawo kple woƒe nuvɔ̃wo katã me akɔ ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòana ŋutsu, si le klalo la, nakplɔe aɖo ɖe gbedzi.


Ha la me ame tsitsiwo natsɔ woƒe asiwò aɖo nyitsu la ƒe tame le Yehowa ƒe ŋku me, eye woawu nyitsu la le Yehowa ƒe ŋku me.


Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ƒe tame, eye wòawu nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ɖe afisi wowua numevɔsa ɖo.


Eye wòna wohe nuvɔ̃vɔsanyitsu la ve, eye Aron kple viaŋutsuawo tsa woƒe asiwò ɖo nuvɔ̃vɔsanyitsua ƒe tame.


Lewitɔwo natsɔ woƒe asiwò aɖo nyitsuawo ƒe tame, eye natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye natsɔ evelia asa numevɔ na Yehowa, bena nalé avu na Lewitɔwo.


Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa