Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 4:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye wòatsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo atɔ dzoe, abe alesi wòto dzo nyitsu gbãtɔ ene, elabena ha ƒe nuvɔ̃ŋutivɔsae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Azɔ la, nunɔla la atsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo, eye wòatɔ dzoe le afi ma abe ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ene, evɔ la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ɖe dukɔ blibo la ta.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 4:21
18 Mawu Ofanana  

Eye amesiwo gbɔ tso aboyo me, siwo nye aboyomewo la, sa numevɔ na Israel ƒe Mawu la, nyitsu wuieve ɖe Israel blibo la nu, agbo blaasieke vɔ ade, alẽvi blaadre vɔ adre kple gbɔ̃tsu wuieve woawɔ nuvɔ̃vɔsae, wo katã wotsɔ sa numevɔ na Yehowa.


Ke natɔ dzo nyitsu la ƒe lã, eƒe agbalẽ kple dɔmemiwo le asaɖa la godo; elabena nuvɔ̃ ŋuti vɔsae.


Gbemagbe amegã la nana woatsɔ nyitsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔ ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ hahoo la ta.


Eyome wòawu dukɔ la ƒe nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu la, atsɔ eƒe ʋu ava xɔmetsovɔ la godo, eye wòawo eƒe ʋu, abe alesi wòwɔ nyitsu la ƒe ʋu ene; wòahlẽe ɖe nutsyɔnu la dzi kple nutsyɔnu la ŋgɔ.


Eye Aron natsɔ eƒe asiwo kple eve aɖo gbɔ̃tsu gbagbe la ƒe tame, eye wòaʋu Israel-viwo ƒe vodadawo, dzidadawo kple woƒe nuvɔ̃wo katã me akɔ ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòana ŋutsu, si le klalo la, nakplɔe aɖo ɖe gbedzi.


Eye woatsɔ nuvɔ̃vɔsanyitsu la kple nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu, siwo ƒe ʋu wotsɔ yi kɔkɔeƒe la me helé avui la, ayi asaɖa la godo, eye woatɔ dzo woƒe agbalẽ, woƒe lã kple woƒe dɔmemiwo.


Ne Israel-ha blibo la da ƒu, eye dukɔ la ƒe ŋku dzo le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wowɔ nusi ŋu se le na wo,


Eye woawo nyitsu la, abe alesi wòwɔa nuvɔ̃ŋutivɔsa-nyitsu lae ene. Ale nunɔla la ale avu na wo, eye woatsɔe ake wo.


Aron viŋutsuwo katã kpɔ mɔ aɖui. Ɖoɖo mavɔ wònye le Yehowa ƒe dzovɔsa la ŋu hena miaƒe dzidzimeviwo. Amesiame, si aka asi eŋu la, azu kɔkɔe.


Gake womekpɔ mɔ aɖu nuvɔ̃ŋutivɔsalã, si ƒe ʋu wotsɔ yi Mawu ƒe agbadɔ me, be woatsɔ alé avui le kɔkɔeƒea me la, ƒe lã o, boŋ woatɔ dzoe.


Ke etɔ dzo nyitsu la, eƒe agbalẽ, eƒe lã kple dɔmemiwo le asaɖa la godo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


ne ha blibo la ɖe ŋu ɖi da ƒu la, ekema ha blibo la nana nyitsuvi ɖeka, bena woasa numevɔ, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa lae, eye woawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe ɖoɖo la nu; eye woana gbɔ̃tsu ɖeka, woawɔ nuvɔ̃vɔsae.


abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Elabena lã, siwo ƒe ʋu nunɔlagã tso yi ɖe kɔkɔeƒe me le nuvɔ̃wo ŋuti la, wotɔ dzo woƒe lã blibo la le asaɖa godo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa