Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ƒo nu kple Israel-viwo be: Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖi ɖa Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòwɔ nusi ŋu se le na wo la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘esiawoe nye se siwo ku ɖe ame siwo ada le Yehowa ƒe seawo dzi le ŋuɖeɖi me la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 4:2
18 Mawu Ofanana  

Tete Abimelex yɔ Abraham, eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nuvɔ̃ ka gɔ̃ mewɔ de ŋuwò bena, nèhe dzɔgbevɔ̃e gã sia va nye ŋutɔ kple nye fiaɖuƒe la dzi mahã? Nusi womewɔna o la, eya nye esia nèwɔ ɖe ŋutinye.


Woawo wotsɔ fia mɔnu wò dɔla hã; fetu gã le wo me lelé ɖe asi me.


Ameka adze si dzidadawo? Tso nam le dzidada ɣaɣlawo me!


Elabena tofloko geɖe le ɖrɔ̃ekuku kple nu kpoloe ƒoƒo geɖe me. Ke wò la vɔ̃ Mawu boŋ!


Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖu nu kɔkɔea la, ekema woaɖo nu kɔkɔe la teƒe na nunɔla, eye wòatsɔ nu la ƒe mamã atɔ̃lia akpe ɖe ŋu.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:


Ne Israel-ha blibo la da ƒu, eye dukɔ la ƒe ŋku dzo le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wowɔ nusi ŋu se le na wo,


Ne amegãa ɖe ɖe ŋu ɖi da Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòdi fɔ,


Ne dukɔ la dometɔa ɖe ɖe ŋu ɖi da Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye woɖi fɔ,


ekema mitia duwo, ne woanye sitsoƒe na mi, afisi amesi mebuawu ame o la, nasi ayi.


Ale amesi asi ayi afima atsi agbe la, ƒe nya anɔ enye si: Ne amea ɖe wu nɔvia, evɔ wònye mebua o, eye melé fui tsã hã o,


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


amesi ate ŋu ave ame manyanuwo kple mɔtrelawo nu, esi gbɔdzɔgbɔdzɔ le eya ŋutɔ hã ŋuti la ta,


Ke agbadɔ evelia la, nunɔlagã la koe dea eme, ƒe ɖeka zi ɖeka, eye meɖena ʋu, si woatsɔ ana ɖe ye ŋutɔ kple dukɔ la ƒe numanyamanya ta la, matsɔmatsɔe o;


Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o.


Ke Yonatan mese be, fofoa ka atam na dukɔ la o, eye wòdo atikplɔ, si le esi la, ɖa tso enu to anyiɖaɖa la me hede nu me, enumake eƒe mo ko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa