Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 4:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Emegbe woatsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me le Yehowa ƒe ŋku me la, ƒe dzowo ŋu; ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔa nu la te.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Emegbe la, asisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Agbadɔ la me le Yehowa ŋkume, eye wòakɔ ʋua mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 4:18
11 Mawu Ofanana  

Wowu nyiawo, eye nunɔlawo tsɔ ʋu la wu ɖe vɔsamlekpui la dzi; wowu agboawo, eye nunɔlawo tsɔ ʋu la wu ɖe vɔsamlekpui la dzi; wowu alẽviawo, eye nunɔlawo tsɔ ʋu la wu ɖe vɔsamlekpui la dzi.


Eye nade asibide nyitsu la ƒe ʋu me asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke natsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe vɔsamlekpui la te.


Eye Aron natsɔ nuvɔ̃ ŋuti vɔsalã, si enye avulénu la, ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu zi ɖeka le ƒe ɖeka me. Zi ɖeka woaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu le ƒe ɖeka me, eye wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo; elabena nu kɔkɔetɔ wònye na Yehowa.


Emegbe nunɔla natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke woatsɔ ʋu mamlea akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.


Emegbe nunɔla la natsɔ eƒe asi asisi eƒe nu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe vɔsamlekpui la te.


Emegbe nunɔla la natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋuti, ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.


Emegbe nunɔla la natsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me, si dzi wotsɔa atike ʋeʋẽewo doa dzudzɔe ɖo la, fe dzowo ŋuti le Yehowa ƒe ŋku me ke wòatsɔ nyitsu la ƒe ʋu mamlea akɔ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la te.


Emegbe wòahlẽ nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu, ke wòaɖuɖu ʋu mamlea ɖe vɔsamlekpui la te, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Emegbe Mose wui, eye wotso eƒe asibide sisi ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo va kpe, eye wòɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋu; ke ekɔ ʋu mamlea ɖe anyigba le vɔsamlekpui la gbɔ. Ale wòwɔe kɔkɔe, esi wòwɔ avulénuwo le eŋu.


Eye Aron viŋutsuawo tso ʋu la vɛ ne, eye wotso eƒe asibide de ʋu la me hesisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke etso ʋu mamlea ka ɖe vɔsamlekpui la te.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa