Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nusiwo wòaɖe le akpedavɔsa la ŋu asa dzovɔ na Yehowa, wonye: Lã la ƒe ami, asike la kple eŋu nuwo, wòaɖee ɖe aligoe la nu; ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi kple ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Eye woatɔ dzo eƒe ami, eƒe asike, woalã asike la ɖa tso lã la ƒe dzimeƒu ŋu, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu,

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 3:9
15 Mawu Ofanana  

Eye wotsɔ Yehowa ƒe aɖaka la va da ɖe enɔƒe le agbadɔ, si Dawid tu nɛ la me, eye Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ le Yehowa ŋku me.


Ke esi Salomo nyo la, ekpa bena, drɔ̃e wònye. Tete wòyi Yerusalem ɖatsi tre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe dɔlawo katã.


Eye Salomo tsa nyi akpe blave vo eve kple alẽ akpe alafa ɖeka kple blave sa akpedavɔe na Yehowa. Ale fia la kple Israel-viwo katã kɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋui enye si.


Gbemagbe Salomo kɔ xɔxɔnu emetɔ, si le Yehowa ƒe xɔ la ŋgɔ la ŋu, elabena esa numevɔ kple nuɖuvɔ, eye wotso akpedavɔsalã ƒe amiwo sa vɔe le afima, le esi akɔblivɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me la, le sue akpa, eye mede numevɔsa, nuɖuvɔsa kple akpedavɔsa ƒe amiwo nu o ta.


Eye wotso Mawu ƒe aɖaka la va dro ɖe agbadɔ, si Dawid tu nɛ la titina, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋku me.


Eyome naɖe ami, siwo le agboa ŋu; ɖe asike la kple eŋu miwo, ami, siwo le dɔmenuawo ŋu, aklã ŋu miwo, ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpakple nuɖusita; elabena ameɖoɖo ƒe agboe.


Vinye, tsɔ wò dzi nam, eye nye mɔwo nedze wò ŋkuwo ŋu.


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


Eyata Israel-viwo natsɔ woƒe vɔsalã, siwo wonɔa wuwum le gbedzi la, avae na nunɔla le Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye woasa akpedavɔ na Yehowa.


Eye woatsɔ eƒe amiwo katã asa vɔe: Asike la kple eŋu miwo kpakple ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi,


Eye wòɖe eŋu miwo: Asike la kple eŋu miwo, ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu, aklã ŋu miwo, ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpakple ɖusita la.


Wotsɔ nyi la ƒe amiawo, agbo la ƒe asike kple eŋu miawo, ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi, ayikuawo kple aklã ŋu miawo


Lã, siwo wotsɔ sa akpedavɔe, wole nyi blave vɔ ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple alẽvi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ la, enye si.


Dze ŋgɔnye yi Gilgal, eye kpɔ ɖa, megbɔna gbɔwo, be masa numevɔ kple akpedavɔ. Lala ŋkeke adre, vaseɖe esime mava gbɔwò, eye magblɔ nusi na wo la na wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa