Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nusiwo wòaɖe le akpedavɔsa la ŋu asa dzovɔ na Yehowa, wonye: Ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi kple ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Tso akpedavɔsa la me la, asa numevɔ na Yehowa kple ami siwo katã le dɔmenuawo ŋu alo ku ɖe wo ŋu,

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 3:3
25 Mawu Ofanana  

Woƒe dzi ku ami ahe ami ene, ke nyea mekpɔ dzidzɔ le wò seawo ŋu.


Eyome naɖe ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu kple aklã ŋuti nuwo kpakple ayiku eveawo kple wo ŋuti nuwo, eye nata dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi.


Eyome naɖe ami, siwo le agboa ŋu; ɖe asike la kple eŋu miwo, ami, siwo le dɔmenuawo ŋu, aklã ŋu miwo, ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpakple nuɖusita; elabena ameɖoɖo ƒe agboe.


Vinye, tsɔ wò dzi nam, eye nye mɔwo nedze wò ŋkuwo ŋu.


Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ, eye natre eƒe ŋkuwo, ne magakpɔ nu kple eƒe ŋkuwo, wòase nu kple eƒe towo, eye wòase nu gɔme kple eƒe dzi, ne wòatrɔ la me, eye eƒe lãme nahaya o.


Mana dzi yeye mi, eye maɖe gbɔgbɔ yeye mia me, maɖe kpedzi la le miaƒe dɔ me, eye mana lãkusidzi mi.


Ke nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wosubɔ le nye kɔkɔeƒe la me, esime Israel-viwo trɔ le yonyeme la, woawo nete ɖe ŋunye, ne woasubɔm, eye woatsi tre ɖe ŋkunye me, ne woatsɔ ami kple ʋu asa vɔ̃e nam, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eye wòaflii ɖe eƒe ƒunuɖeƒeewo akpe ɖe eƒe ta kple eƒe amiawo ŋu; eye nunɔla natsɔ wo aɖo nake, siwo te wono dzo do, le vɔsamlekpuia dzi la dzi.


Eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ lã la ƒe akpawo, ta la kple amiawo aɖo nake, si te wodo dzo ɖo, le vɔsamlekpuia dzi la dzi.


Eye wòatɔ dzo nuvɔ̃vɔsalã ƒe amiwo le vɔsamlekpui la dzi.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu, si ʋẽna lilili wònye. Amiawo katã Yehowa tɔe.


Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe vɔsalã la ƒe tame, eye woawui le Mawu ƒe agbadɔ la nu; emegbe Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


ayiku eveawo kple wo ŋu mi, siwo ku ɖe ali la ŋu kpakple aklã ŋu miawo; ayikuawo ŋu wòaɖe wo le.


abe alesi woɖea wo le akpedavɔsanyitsu la ŋu ene. Eye nunɔla nato dzo wo le numevɔsamlekpui la dzi.


Eya ŋutɔ natsɔ Yehowa ƒe dzovɔsa la vɛ; lã la ƒe ami kple eƒe akɔ wòatsɔ ve, eye woanye akɔ la le Yehowa ƒe ŋku me.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, elabena dzovɔsa wònye na Yehowa; fɔɖivɔsae.


Eye wòto dzo nuvɔ̃vɔsalã ƒe amiawo, ayikuawo kple aklã ŋu miawo le vɔsamlekpui la dzi, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


Ke Woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu, kple miaƒe towo hã, elabena wosea nu.


„Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.


ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si wona mí la dzi.


esi mienyã esia bena, woklã miaƒe ame xoxo la ɖe atitsoga ŋu kplii, bene woaɖe nuvɔ̃ŋutilã ɖa, bene míagasubɔ nuvɔ̃ akpa o.


Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.


Ɖewo la nunɔla ƒe dɔla vana, hafi woava lɔ dzo amiawo, eye wogblɔna na amesi tsɔ vɔsa vɛ bena: Tsɔ lã vɛ, ne woatɔ na nunɔla, elabena mele lã bibi dim tso asiwò o, ke boŋ mumua.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa