Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe vɔsalã la ƒe tame, eye woawui le Mawu ƒe agbadɔ la nu; emegbe Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Ame si tsɔ lã la vɛ la ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 3:2
23 Mawu Ofanana  

He nyitsu la va Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuawo natsɔ woƒe asiwo aɖe nyitsua ƒe tame.


Eye nawu nyitsu la le Yehowa ƒe ŋku me, le Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Emegbe nahe agbo ɖeka vɛ, eye Aron kple viaŋutsuwo natsɔ woƒe asiwò ada ɖe agbo la ƒe tame,


eye nawu agbo la atsɔ eƒe ʋu awu ɖe vɔsamlekpui la dzi godoo ava kpe.


Emegbe nahe agbo evelia vɛ, eye Aron kple viaŋutsuwo natsɔ woƒe asiwò ada ɖe agbo la ƒe tame.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.


Eye woawui ɖe vɔsamlekpui la ƒe anyiehekpa dzi le Yehowa ŋku me. Eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe wu nyi, alẽ alo gbɔ̃ le asaɖa la me alo le asaɖa la godo,


eye metsɔe va Mawu ƒe agbadɔ la nu, bena wòasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe nɔƒe la nu o la, ekema ame la do hlɔ̃; ekɔ ʋu ɖi, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Nusiwo wòaɖe le akpedavɔsa la ŋu asa dzovɔ na Yehowa, wonye: Ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi kple ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu,


eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe vɔsalã la ƒe tame, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la nu; emegbe Aron viŋutsuwo natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Emegbe wòhe agbo evelia, si nye ameɖogbo la vɛ, eye Aron kple viaŋutsuawo tsɔ woƒe asi ɖo agbo la ƒe tame.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Ke womatsɔ ga axɔ nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeawoe o, elabena wo ŋu kɔ; nawu woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye natɔ dzo woƒe amiwo, bena woanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


eye miewu agbefia la, amesi Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, esi ƒe ɖaseɖilawo miawo míenye.


Miawo Mawu fɔ eƒe dɔla ɖe tsitre na gbã, eye wòdɔe ɖa, be woayra mi le esi me be, mia dome amesiame natrɔ tso eƒe vɔ̃ɖinyenyewo me.


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa