Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 3:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu, si ʋẽna lilili wònye. Amiawo katã Yehowa tɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Nunɔla la atɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nuɖuɖu ene, wòanye numevɔsa, wòanye nu si le ʋeʋẽm nyuie. Ami la katã nye Yehowa tɔ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 3:16
19 Mawu Ofanana  

Habel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo dami la ƒe ɖewo vɛ. Eye Habel kple eƒe nunana dze Yehowa ŋu;


Numevɔsa la sɔ gbɔ hekpe ɖe akpedavɔsa ƒe amiwo kple numevɔsa ƒe nunovɔsawo ŋuti. Ale wogaɖo Yehowa ƒe aƒe la me subɔsubɔ te dzi.


Eye Salomo kɔ xɔxɔnu emetɔ, si le Yehowa ƒe xɔ ŋgɔ la ŋu, eye wòtsɔ numevɔ kple akpedavɔsalã ƒe amiwo sa vɔe le afima, elabena akɔblivɔsamlekpui, si Salomo ɖi la, metu numevɔsa, nuɖuvɔsa kple amiawo nu o.


Eyome naɖe ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu kple aklã ŋuti nuwo kpakple ayiku eveawo kple wo ŋuti nuwo, eye nata dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi.


Eyome naɖe ami, siwo le agboa ŋu; ɖe asike la kple eŋu miwo, ami, siwo le dɔmenuawo ŋu, aklã ŋu miwo, ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpakple nuɖusita; elabena ameɖoɖo ƒe agboe.


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


Ke nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wosubɔ le nye kɔkɔeƒe la me, esime Israel-viwo trɔ le yonyeme la, woawo nete ɖe ŋunye, ne woasubɔm, eye woatsi tre ɖe ŋkunye me, ne woatsɔ ami kple ʋu asa vɔ̃e nam, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eye nunɔla nawu ʋu la ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋu le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye woatɔ dzo amiawo, bena woaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Eye woatɔ dzo lã la ƒe amiawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe ami ene. Ale nunɔla la alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃ la ta, eye woatsɔe akee.


Eye wòaɖe eƒe amiwo katã, abe alesi wòɖe akpedavɔsalã ƒe amiwo ene, eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa. Ale nunɔla alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.


Eye wòɖe eŋu miwo: Asike la kple eŋu miwo, ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu, aklã ŋu miwo, ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpakple ɖusita la.


Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã numevɔsalã kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Dukɔ blibo la kpɔe, eye wotso aseye hetsyɔ mo anyi.


Eye wògblɔ nɛ bena: „Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa