Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu wònye na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Nunɔla la atɔ dzo nu siawo le vɔsamlekpui la dzi wòanye nuɖuvɔsa na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 3:11
17 Mawu Ofanana  

Woke woƒe nu ɖe ŋunye abe dzata, si le xɔxlɔ̃m hele nu vuvum ene.


elabena miekplɔ amedzro, siwo nye bolotɔwo, eye wometso dziʋa hã na wo o la vɛ, be woanɔ nye kɔkɔeƒe la, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye aƒe la; eye mietu nye nubabla la hekpe ɖe miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu, le esime mietsɔ nye nuɖuɖu, ami kple ʋu sa vɔe,


Gblɔ na Aron be: Ne viawo alo woƒe dzidzimeviwo dometɔa ɖe nye nuwɔametɔ la, megate va, be wòatsɔ eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu asa vɔe o.


Woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womaƒo ɖi woƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena woawoe sa Yehowa ƒe dzovɔ, si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu, eyata woanɔ kɔkɔe.


Bu nunɔlawo kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa wò Mawu ƒe nuɖuɖu sa vɔe. Ame kɔkɔewo woanye na wò, elabena nye Yehowa, si kɔ mia ŋu la, mele kɔkɔe.


Migaƒle wo le amedzrowo si o, eye miekpɔ mo atso wo tɔgbe awɔ nuɖuɖu na miaƒe Mawu o, elabena nu wo wo, eye wo ŋuti mesɔ o; womaxɔ wo na mi o.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu, si ʋẽna lilili wònye. Amiawo katã Yehowa tɔe.


Eye Aron viŋutsuwo nato dzo wo le vɔsamlekpui la dzi kpakple numevɔsa, si le nake, siwo te wodo dzo ɖo la dzi, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Ke miawo miedo gui hele gbɔgblɔm be; Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o, eye edzi nuɖndu le ŋu nyɔm.


mietsɔ nuɖuɖu makɔmakɔwo va nye vɔsamiekpui dzi hafi le gbɔgblɔm be. Nuka míetsɔ do gu wo hã? Eye miele gbɔgblɔm be: Yehowa ƒe kplɔ̃ ɖi gbe.


De se na Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Milé ŋku ɖe nye dzovɔsa ƒe vɔsanu, si nye nye nuɖuɖu, eye wòʋẽna ɖem lilili la ŋu, eye miatsɔe asa vɔ nam le ɣeyiɣi, si woɖo la dzi.


Alea miasa vɔe gbesiagbe ŋkeke adre sɔŋ, ne wòanye nuɖuvɔsa kple dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa, akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple nunovɔsa ŋuti.


Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mi katã mia ta boŋ; aleke lawɔ, eye matso nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa?


Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o; miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o.


Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa