Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 27:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke ne ame la da ahe, eye mate ŋu ana ho la o la, ekema nakplɔe ayi nunɔla gbɔ, eye nunɔla nado asi nɛ ɖe nusi le esi la nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ke ne ame si le adzɔgbe la ɖem da ahe ale gbegbe be mate ŋu axe fe si wòle be wòaxe o la, woakplɔe va nunɔla la gbɔ, eya kple nunɔla la naɖo aɖaŋu, eye wòaxe nu si nunɔla la aɖo nɛ la.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 27:8
11 Mawu Ofanana  

Esi anyigba le tsyɔtsyɔm la, wodze mɔ, be yewoayi Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wova Aramtɔwo ƒe asaɖa ƒe mlɔenu la, kpɔ ɖa, amea ɖeke mele afima o.


Aleke màtsɔe ake wò? Viwòwo gblẽm ɖi, woɖakpe ta ɖe gboloxɔ me.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawo numevɔsae, eye ɖeka woawo nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.


Ne ame la xɔ ƒe blaade kple vɔ la, ekema ŋutsu ƒe asi nanye sekel wuiatɔ̃, eye nyɔnu to nanye sekel ewo.


Nenye lã, siwo wotsɔna saa vɔ na Yehowa la, dometɔa ɖe wònye la, ekema ɖesiaɖe, si wotsɔ na Yehowa la, nanɔ kɔkɔe.


Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.


Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɖaasi, eye ɣesiaɣi, si mielɔ̃ la, miate ŋu awɔ nyuie na wo; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.


Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa